< Psalmowo 102 >
1 Hiãtɔ aɖe ƒe gbedodoɖa, esi nu te eŋu, eye wòfa konyi le Yehowa ŋkume. O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò.
Ein Gebet des Elenden, wenn er schmachtet und seine Klage vor dem HERRN ausschüttet. O HERR, höre mein Gebet, und mein Schreien komme vor dich!
2 Mègaɣla wò ŋkume ɖem, ne mele xaxa me o. Trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.
Verbirg dein Angesicht nicht vor mir am Tage meiner Not; neige dein Ohr zu mir; am Tage, da ich dich anrufe, erhöre mich eilends!
3 Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.
Denn meine Tage sind in Rauch aufgegangen, und meine Gebeine glühen wie ein Ofen.
4 Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene. Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be.
Mein Herz ist geschlagen und verdorrt wie Gras; denn ich habe vergessen, mein Brot zu essen.
5 Le nye ŋeŋe sesĩe ta la, meɖi ku zu ƒu ɖeɖe.
Vor lauter Seufzen kleben meine Knochen an meinem Fleisch.
6 Mele abe ʋlukuku si le gbegbe ene, alo abe ʋlukuku si le gli gbagbãwo tome ene.
Ich gleiche einer Rohrdommel in der Wüste, bin wie ein Käuzlein in den Ruinen;
7 Mele ŋu le aba dzi, eye mele abe xevi si tsi akogo le xɔ tame ene.
ich wache und bin wie ein einsamer Vogel auf dem Dach.
8 Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la, eye ame siwo tso ɖe ŋunye la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui.
Täglich schmähen mich meine Feinde, und die wider mich toben, schwören bei mir;
9 Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,
denn ich esse Asche wie Brot und mische meinen Trank mit Tränen
10 le wò dziku helĩhelĩ la ta elabena èdom ɖe dzi, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge.
wegen deines Grimms und deines Zorns, daß du mich aufgehoben und hingeschleudert hast.
11 Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene, eye meyrɔ abe gbe ene.
Meine Tage sind wie ein langgestreckter Schatten, und ich verdorre wie Gras.
12 O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe, eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime.
Aber du, o HERR, bleibst ewig und dein Gedächtnis von einem Geschlecht zum andern.
13 Ke wò la àtso, akpɔ nublanui na Zion, elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃, ɣeyiɣi ɖoɖi la de.
Du wollest dich aufmachen und dich über Zion erbarmen; denn es ist Zeit, daß du ihr gnädig seiest, die Stunde ist gekommen!
14 Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ, eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãa nublanuikpɔkpɔ le wo me.
Denn deine Knechte lieben Zions Steine und trauern über ihren Schutt.
15 Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbadzifiawo katã ade bubu wò ŋutikɔkɔe ŋu.
Dann werden die Heiden den Namen des HERRN fürchten und alle Könige auf Erden deine Herrlichkeit,
16 Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me.
wenn der HERR Zion gebaut hat und erschienen ist in seiner Herrlichkeit,
17 Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o.
wenn er sich zum Gebet der Heimatlosen gewendet und ihr Gebet nicht verachtet hat.
18 Miŋlɔ esia ɖi hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be ame siwo womedzi haɖe o la nakafu Yehowa be:
Das wird man aufschreiben für das spätere Geschlecht, und das Volk, das geschaffen werden soll, wird den HERRN loben,
19 “Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo,
daß er herabgeschaut hat von der Höhe seines Heiligtums, daß der HERR vom Himmel zur Erde geblickt hat,
20 be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe, eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.”
zu hören das Seufzen der Gefangenen und loszumachen die Kinder des Todes;
21 Ale woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion kple eƒe kafukafu le Yerusalem,
auf daß sie den Namen des HERRN preisen zu Zion und sein Lob in Jerusalem,
22 ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo ƒo ƒu be woasubɔ Yehowa.
wenn die Völker sich versammeln allzumal und die Königreiche, dem HERRN zu dienen.
23 Eŋe nye ŋusẽ le nye agbemɔ dzi, eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ,
Er hat auf dem Wege meine Kraft gebeugt, meine Tage verkürzt.
24 eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu, mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o, wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime.
Ich spreche: Mein Gott, nimm mich nicht weg in der Hälfte meiner Tage! Deine Jahre währen für und für.
25 Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ.
Du hast vormals die Erde gegründet, und die Himmel sind deiner Hände Werk.
26 Woatsrɔ̃, ke wò ya ànɔ anyi ɖaa; woanyunyɔ abe avɔ ene, eye àɖɔli wo abe avɔ ene ahatsɔ wo aƒu gbe.
Sie werden vergehen, du aber bleibst; sie alle werden wie ein Kleid veralten, wie ein Gewand wirst du sie wechseln, und sie werden verschwinden.
27 Ke wò la, ègale ale si nènɔ, eye wò ƒewo mawu enu akpɔ o.
Du aber bleibst, der du bist, und deine Jahre nehmen kein Ende!
28 Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me, eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”
Die Kinder deiner Knechte werden bleiben, und ihr Same wird vor dir bestehen.