< Psalmowo 10 >

1 O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo? Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?
Éternel, pourquoi te tiens-tu à l'écart, te caches-tu dans des temps de détresse?
2 Ame vɔ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi, ke wògena ɖe mɔ si wòtre da ɖi la me.
Le malheureux pâtit de l'orgueil des impies, il se prend dans les trames qu'ils ourdissent,
3 Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe; eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu.
Car l'impie fait gloire de sa convoitise, et le ravisseur maudit, méprise l'Éternel.
4 Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o.
L'impie présomptueux est sans inquiétude: « Il n'y a point de Dieu! » voilà toutes ses pensées.
5 Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi, edoa eɖokui ɖe dzi, wò sewo didi tso egbɔ; eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta.
Le succès est sur sa route en tout temps; il n'élève point ses regards jusques à tes jugements; sur ses ennemis il souffle avec dédain.
6 Egblɔna na eɖokui be, “Naneke maʋuʋum o, makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o.”
Il dit en son cœur: « Je suis inébranlable, d'âge en âge à l'abri des revers. »
7 Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu, eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te.
Sa bouche est pleine de parjure, de fraude et de malice, et sa langue recèle la violence et la ruine.
8 Edea xa ɖe kɔƒewo xa; ewu ame maɖifɔwo le xame, eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme.
Posté en embuscade près des hameaux, en guet-apens il tue les innocents, et dans l'ombre son œil épie le malheureux.
9 Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene; ale be wòalé amemanɔsitɔ; eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.
Il guette de sa retraite, comme le lion de son repaire, il guette pour saisir le malheureux; il saisit le malheureux, le tirant dans son filet.
10 Etoa ƒu ɖe lãme na ame siwo wòlé, woƒe mo tsyɔa zi, eye womuna dzea anyi le eƒe ŋusẽ te.
Il se tapit, il se baisse, et entre ses griffes tombe le malheureux.
11 Egblɔna na eɖokui be, “Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.”
Il dit en son cœur: « Dieu oublie! Il voile sa face, et ne regarde jamais! »
12 Tso, Yehowa! O! Mawu, kɔ wò abɔ dzi. Mègaŋlɔ hiãtɔ be o.
Debout! Éternel! ô Dieu, lève ta main! N'oublie pas les malheureux!
13 Nu ka ta ame vɔ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo? Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be, “Mayɔm be mana akɔnta o” ɖo?
Pourquoi l'impie a-t-il pour Dieu ce mépris, dit-il en son cœur: « Tu ne recherches pas »?
14 Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese; èbua eŋuti, eye asiwò me wole. Ame si le fukpekpe me la, tsɔa eɖokui dea asi na wò; elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.
Tu as vu! car tu as l'œil sur la douleur et la peine, et tu l'inscris sur ta main; le malheureux s'en remet à toi; pour l'orphelin tu fus toujours un aide.
15 Ŋe abɔ na ame vɔ̃ɖi kple nu tovo wɔla; yɔe ne wòana akɔnta tso nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔ ame aɖeke mekpɔe o la ŋuti.
Brise le bras de l'impie, et du méchant recherche le crime, afin que tu ne le retrouves plus!
16 Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me; dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.
Le Seigneur est un Roi permanent, éternel; de son pays les nations sont exterminées.
17 O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi; ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo.
Éternel, tu entends les vœux des misérables, tu fortifies leur cœur, tu inclines ton oreille,
18 Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta, ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o.
tu fais droit à l'orphelin et au pauvre, afin que de la terre désormais l'homme ne te brave plus.

< Psalmowo 10 >