< Psalmowo 1 >
1 Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,
不从恶人的计谋, 不站罪人的道路, 不坐亵慢人的座位,
2 ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli.
惟喜爱耶和华的律法, 昼夜思想, 这人便为有福!
3 Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.
他要像一棵树栽在溪水旁, 按时候结果子, 叶子也不枯干。 凡他所做的尽都顺利。
4 Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.
恶人并不是这样, 乃像糠秕被风吹散。
5 Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe, alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.
因此,当审判的时候、恶人必站立不住; 罪人在义人的会中也是如此。
6 Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.
因为耶和华知道义人的道路; 恶人的道路却必灭亡。