< Lododowo 1 >
1 Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:
以色列王大卫儿子所罗门的箴言:
2 na nunya kple amehehe, na nya goglowo gɔmesese,
要使人晓得智慧和训诲, 分辨通达的言语,
3 hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ, be woawɔ nu si dzɔ, nu si le eteƒe kple nu si nyo,
使人处事领受智慧、 仁义、公平、正直的训诲,
4 be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya kple sidzedze sɔhɛwo,
使愚人灵明, 使少年人有知识和谋略,
5 nunyalawo neɖo to, ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,
使智慧人听见,增长学问, 使聪明人得着智谋,
6 be woase nunyalawo ƒe lododowo abebubuwo kple adzowo gɔme.
使人明白箴言和譬喻, 懂得智慧人的言词和谜语。
7 Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.
敬畏耶和华是知识的开端; 愚妄人藐视智慧和训诲。
8 Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃ eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.
我儿,要听你父亲的训诲, 不可离弃你母亲的法则;
9 Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò.
因为这要作你头上的华冠, 你项上的金链。
10 Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ na wo o.
我儿,恶人若引诱你, 你不可随从。
11 Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,
他们若说:你与我们同去, 我们要埋伏流人之血, 要蹲伏害无罪之人;
12 ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene, eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene (Sheol )
我们好像阴间,把他们活活吞下; 他们如同下坑的人, 被我们囫囵吞了; (Sheol )
13 ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee
我们必得各样宝物, 将所掳来的,装满房屋;
14 eya ta de mía dzi ale be míana gakotoku ɖeka wò” la,
你与我们大家同分, 我们共用一个囊袋;
15 vinye, mègakplɔ wo ɖo o, mègaka afɔ woƒe toƒewo o
我儿,不要与他们同行一道, 禁止你脚走他们的路。
16 elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.
因为,他们的脚奔跑行恶; 他们急速流人的血,
17 Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo le wo katã ƒe ŋkume!
好像飞鸟, 网罗设在眼前仍不躲避。
18 Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ ƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu!
这些人埋伏,是为自流己血; 蹲伏,是为自害己命。
19 Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.
凡贪恋财利的,所行之路都是如此; 这贪恋之心乃夺去得财者之命。
20 Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo.
智慧在街市上呼喊, 在宽阔处发声,
21 Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm le dua ƒe agbowo me be,
在热闹街头喊叫, 在城门口,在城中发出言语,
22 “Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ? Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, bometsilawo alé fu sidzedze?
说:你们愚昧人喜爱愚昧, 亵慢人喜欢亵慢, 愚顽人恨恶知识,要到几时呢?
23 Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la, anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi eye mena mienya nye susuwo.
你们当因我的责备回转; 我要将我的灵浇灌你们, 将我的话指示你们。
24 Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi, esi meke nye abɔwo me, mietsɔ ɖeke le eme o
我呼唤,你们不肯听从; 我伸手,无人理会;
25 eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo, hegbe nye mokaname ta la,
反轻弃我一切的劝戒, 不肯受我的责备。
26 nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi,
你们遭灾难,我就发笑; 惊恐临到你们,我必嗤笑。
27 ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene, gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene, eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi!
惊恐临到你们,好像狂风; 灾难来到,如同暴风; 急难痛苦临到你们身上。
28 “Ekema woayɔm gake nyematɔ o, woadim gake womakpɔm o.
那时,你们必呼求我,我却不答应, 恳切地寻找我,却寻不见。
29 Le esi wolé fu sidzedze eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o,
因为,你们恨恶知识, 不喜爱敬畏耶和华,
30 le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo hedo vlo nye mokaname ta.
不听我的劝戒, 藐视我一切的责备,
31 Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo
所以必吃自结的果子, 充满自设的计谋。
32 elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.
愚昧人背道,必杀己身; 愚顽人安逸,必害己命。
33 Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”
惟有听从我的,必安然居住, 得享安静,不怕灾祸。