< Lododowo 7 >

1 Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò.
My son, keep my words and treasure my commandments within you.
2 Lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe eye dzɔ nye nufiamewo ŋuti abe wò gadaglamakui ene.
Keep my commandments and live; guard my teachings as the apple of your eye.
3 Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.
Tie them to your fingers; write them on the tablet of your heart.
4 Gblɔ na nunya be, “Nɔvinye nyɔnu nènye.” Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese,
Say to wisdom, “You are my sister,” and call understanding your kinsman,
5 woana nyɔnu ahasitɔ la nanɔ adzɔge na wò, eye woaɖe wò le srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe amenublenyawo ƒe asi me.
that they may keep you from the adulteress, from the stranger with seductive words.
6 Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu, hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me.
For at the window of my house I looked through the lattice.
7 Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome, mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome.
I saw among the simple, I noticed among the youths, a young man lacking judgment,
8 Ele zɔzɔm le kpɔdome, ɖo ta dzogoe si me nyɔnu la le la me; ezɔ ɖo ta afi si nyɔnu la ƒe aƒe le,
crossing the street near her corner, strolling down the road to her house,
9 le fiẽ me, esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm, eye zã do blukɔ.
at twilight, as the day was fading into the dark of the night.
10 Tete nyɔnu aɖe do go va kpee, edo awu abe gbolo ene eye ayedzedze le mo nɛ.
Then a woman came out to meet him, with the attire of a harlot and cunning of heart.
11 Eƒe gbe le dzi dem, metsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o eye eƒe afɔwo gbe tɔtɔ ɖe aƒe me,
She is loud and defiant; her feet do not remain at home.
12 ele kpɔdome fifia, kasia egado ɖe ablɔme xoxo eye wòdea xa ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
Now in the street, now in the squares, she lurks at every corner.
13 Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be,
She seizes him and kisses him; she brazenly says to him:
14 “Ŋutifafavɔsa le aƒenye me, egbe mexe nye adzɔgbeɖefewo o,
“I have made my peace offerings; today I have paid my vows.
15 eya ta medo be mava do go wò, medi wò eye meke ɖe ŋuwò!
So I came out to meet you; I sought you, and I have found you.
16 Meɖo aklala biɖibiɖi ƒe abadzivɔ si wode amadede vovovowoe, esi wowɔ le Egipte la ɖe nye aba dzi.
I have decked my bed with coverings, with colored linen from Egypt.
17 Mewu lifi, anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi,
I have perfumed my bed with myrrh, with aloes, and with cinnamon.
18 eya ta va, míano lɔlɔ̃ wòasu mí va se ɖe ŋdi, na míatsɔ lɔlɔ̃ ado vivi ɖe mía ɖokuiwo ŋu!
Come, let us take our fill of love till morning. Let us delight in loving caresses!
19 Nye aƒetɔ mele aƒe o, ezɔ mɔ didi aɖe.
For my husband is not at home; he has gone on a long journey.
20 Etsɔ eƒe gakotoku si ga yɔ fũu la dzoe eye ne dzinu sɔ tegblẽ hafi wòagbɔ.”
He took with him a bag of money and will not return till the moon is full.”
21 Etsɔ amenublenya siawo blee eye wòtsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la kplɔe trae.
With her great persuasion she entices him; with her flattering lips she lures him.
22 Etso zia enumake hekplɔe ɖo abe nyitsu wokplɔ yina wuwu ge alo abe zi si ɖo afɔ mɔ me ene.
He follows her on impulse, like an ox going to the slaughter, like a deer bounding into a trap,
23 Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã, abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene
until an arrow pierces his liver, like a bird darting into a snare— not knowing it will cost him his life.
24 eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu.
Now, my sons, listen to me, and attend to the words of my mouth.
25 Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu loo, alo miatra age ɖe eƒe toƒewo o.
Do not let your heart turn aside to her ways; do not stray into her paths.
26 Elabena ame siwo tsi esi me la sɔ gbɔ, eye ame siwo wòwu la de ha.
For she has brought many down to death; her slain are many in number.
27 Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me. (Sheol h7585)
Her house is the road to Sheol, descending to the chambers of death. (Sheol h7585)

< Lododowo 7 >