< Lododowo 6 >
1 Vinye, ne ède megbe na wò aƒelika, eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ,
我兒,你若為朋友作保, 替外人擊掌,
2 ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo eye wò numenyawo bla wò la,
你就被口中的話語纏住, 被嘴裏的言語捉住。
3 ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe, esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta. Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò, ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe!
我兒,你既落在朋友手中, 就當這樣行才可救自己: 你要自卑,去懇求你的朋友。
4 Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o.
不要容你的眼睛睡覺; 不要容你的眼皮打盹。
5 Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene.
要救自己,如鹿脫離獵戶的手, 如鳥脫離捕鳥人的手。
6 Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ; kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya!
懶惰人哪, 你去察看螞蟻的動作就可得智慧。
7 Gbeɖela loo dzikpɔla alo dziɖula aɖeke mele esi o,
螞蟻沒有元帥, 沒有官長,沒有君王,
8 gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi.
尚且在夏天預備食物, 在收割時聚斂糧食。
9 Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?
懶惰人哪,你要睡到幾時呢? 你何時睡醒呢?
10 Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,
再睡片時,打盹片時, 抱着手躺臥片時,
11 tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.
你的貧窮就必如強盜速來, 你的缺乏彷彿拿兵器的人來到。
12 Yakame kple ame baɖa si le yiyim kple alakpadada,
無賴的惡徒, 行動就用乖僻的口,
13 le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii,
用眼傳神, 用腳示意, 用指點劃,
14 ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me, eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la
心中乖僻, 常設惡謀, 布散紛爭。
15 eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o.
所以,災難必忽然臨到他身; 他必頃刻敗壞,無法可治。
16 Nu adree Yehowa tsri, eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui:
耶和華所恨惡的有六樣, 連他心所憎惡的共有七樣:
17 dadaŋkuwo, alakpaɖe, asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi,
就是高傲的眼, 撒謊的舌, 流無辜人血的手,
18 dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo, afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti
圖謀惡計的心, 飛跑行惡的腳,
19 aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi, kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome.
吐謊言的假見證, 並弟兄中布散紛爭的人。
20 Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.
我兒,要謹守你父親的誡命; 不可離棄你母親的法則,
21 Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti.
要常繫在你心上, 掛在你項上。
22 Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la, woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò
你行走,它必引導你; 你躺臥,它必保守你; 你睡醒,它必與你談論。
23 elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,
因為誡命是燈,法則是光, 訓誨的責備是生命的道,
24 esi aɖe wò tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me.
能保你遠離惡婦, 遠離外女諂媚的舌頭。
25 Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o,
你心中不要戀慕她的美色, 也不要被她眼皮勾引。
26 elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò, nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò.
因為,妓女能使人只剩一塊餅; 淫婦獵取人寶貴的生命。
27 Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata eye eƒe awuwo nagbe fiafia?
人若懷裏搋火, 衣服豈能不燒呢?
28 Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi eye eƒe afɔwo nagbe fiafia?
人若在火炭上走, 腳豈能不燙呢?
29 Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃, womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o.
親近鄰舍之妻的,也是如此; 凡挨近她的,不免受罰。
30 Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, ne dɔ la ewum o
賊因飢餓偷竊充飢, 人不藐視他,
31 gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre, esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi.
若被找着,他必賠還七倍, 必將家中所有的盡都償還。
32 Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome.
與婦人行淫的,便是無知; 行這事的,必喪掉生命。
33 Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o
他必受傷損,必被凌辱; 他的羞恥不得塗抹。
34 elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o.
因為人的嫉恨成了烈怒, 報仇的時候決不留情。
35 Maxɔ avulénu aɖeke o, eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã.
甚麼贖價,他都不顧; 你雖送許多禮物,他也不肯干休。