< Lododowo 5 >

1 Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu,
My son, pay attention to my wisdom; incline your ears to my understanding,
2 be nànya nu si nàwɔ eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo
so you may learn about discretion and your lips may protect knowledge.
3 elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm, eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami
For the lips of an adulteress drip with honey and her mouth is smoother than oil,
4 gake le nuwuwu la evena wu veve eye wòɖana wu yi nuevee.
but in the end she is as bitter as wormwood, cutting like a sharp sword.
5 Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe (Sheol h7585)
Her feet go down to death; her steps go all the way to Sheol. (Sheol h7585)
6 Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o, eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o
She gives no thought to the path of life. Her footsteps wander; she does not know where she is going.
7 eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom, migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o.
Now, my sons, listen to me; do not turn away from listening to the words of my mouth.
8 Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ, migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o,
Keep your path far away from her and do not come near the door of her house.
9 ne menye nenema o la, miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu.
In that way you will not give away your honor to others or years of your life to a cruel person;
10 Ne menye nenema o la, amedzrowo anye avuzi le miaƒe kesinɔnuwo dzi eye nu si nète fifia kpɔ la aɖo atsyɔ̃ na ame bubu ƒe aƒe me.
strangers will not feast on your wealth; what you have worked for will not go into the house of strangers.
11 Le wò agbe ƒe nuwuwu la, ànɔ ŋeŋem, ne wò ŋutilã kple wò ameti blibo la vɔ le eme.
At the end of your life you will groan when your flesh and your body waste away.
12 Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ! Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo!
You will say, “How I hated instruction and my heart despised correction!
13 Nyemaɖo to nye nufialawo alo aƒu to anyi ɖe nye amegãwo ŋu o.
I would not obey my teachers or incline my ear to my instructors.
14 Esusɔ vie donyeme nagblẽ keŋkeŋ le ameha la katã dome.”
I was almost completely ruined in the midst of the assembly, among the gathering of the people.”
15 No tsi tso wò ŋutɔ wò tsiʋe me kple tsi dzidzi tso wò ŋutɔ wò vudo me.
Drink water from your own cistern and drink running water from your own well.
16 Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea?
Should your springs overflow everywhere and your streams of water flow in the public squares?
17 Wonenye wò ɖeka ko tɔ, mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o.
Let them be for yourself alone and not for strangers with you.
18 Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
May your fountain be blessed and may you rejoice in the wife of your youth,
19 Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la, eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi, eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa.
for she is a loving deer and a graceful doe. Let her breasts satisfy you at all times; may you be continually intoxicated by her love.
20 Vinye, nu ka ŋuti nàƒo kpakpakpa ɖe nyɔnu ahasitɔ ŋu? Nu ka ŋuti nàlé alime na ame bubu srɔ̃?
For why should you, my son, be captivated by an adulteress; why should you embrace the breasts of an immoral woman?
21 Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ.
Yahweh sees everything a person does and watches all the paths he takes.
22 Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.
A wicked person will be seized by his own iniquities; the cords of his sin will hold him tight.
23 Aku le ɖokuidzimaɖumaɖu ta eye eƒe bometsitsi gã la akplɔe atrae.
He will die because he lacks instruction; he is led astray by his great foolishness.

< Lododowo 5 >