< Lododowo 4 >

1 Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.
שמעו בנים מוסר אב והקשיבו לדעת בינה
2 Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam eya ta migagbe nye nufiafia o.
כי לקח טוב נתתי לכם תורתי אל-תעזבו
3 Esi menye ɖevi sue kple vi fɛ̃ le fofonye ƒe aƒe me kple vi ɖekɛ na danye la,
כי-בן הייתי לאבי רך ויחיד לפני אמי
4 efia num hegblɔ be, “Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã, lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe.
וירני--ויאמר לי יתמך-דברי לבך שמר מצותי וחיה
5 Dze nunya, di gɔmesese, mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.
קנה חכמה קנה בינה אל-תשכח ואל-תט מאמרי-פי
6 Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò, lɔ̃e ekema akpɔ tawò.
אל-תעזבה ותשמרך אהבה ותצרך
7 Nunya ƒo nuwo katã ta eya ta dze nunya. Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, di gɔmesese.
ראשית חכמה קנה חכמה ובכל-קנינך קנה בינה
8 De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi, xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò.
סלסלה ותרוממך תכבדך כי תחבקנה
9 Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.”
תתן לראשך לוית-חן עטרת תפארת תמגנך
10 Ɖo to afii, vinye, ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.
שמע בני וקח אמרי וירבו לך שנות חיים
11 Mele nunya ƒe mɔ fiam wò eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo.
בדרך חכמה הריתיך הדרכתיך במעגלי-ישר
12 Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o.
בלכתך לא-יצר צעדך ואם-תרוץ לא תכשל
13 Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò.
החזק במוסר אל-תרף נצרה כי-היא חייך
14 Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o.
בארח רשעים אל-תבא ואל-תאשר בדרך רעים
15 Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o, lé wò mɔ tsɔ nàyi afi si yim nèle
פרעהו אל-תעבר-בו שטה מעליו ועבר
16 elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa, womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi.
כי לא ישנו אם-לא ירעו ונגזלה שנתם אם-לא יכשולו (יכשילו)
17 Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain.
כי לחמו לחם רשע ויין חמסים ישתו
18 Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie.
וארח צדיקים כאור נגה הולך ואור עד-נכון היום
19 Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene eye womenya nu si na wole nu klim o.
דרך רשעים כאפלה לא ידעו במה יכשלו
20 Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu.
בני לדברי הקשיבה לאמרי הט-אזנך
21 Mègana woadzo le wò ŋkume o, ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me,
אל-יליזו מעיניך שמרם בתוך לבבך
22 elabena wonye agbe na ame siwo ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la.
כי-חיים הם למצאיהם ולכל-בשרו מרפא
23 Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eyae nye agbe ƒe vudo.
מכל-משמר נצר לבך כי-ממנו תוצאות חיים
24 Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me, eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ.
הסר ממך עקשות פה ולזות שפתים הרחק ממך
25 Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò.
עיניך לנכח יביטו ועפעפיך יישרו נגדך
26 Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ.
פלס מעגל רגלך וכל-דרכיך יכנו
27 Mègadze ɖe ɖusime alo miame o, eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.
אל-תט-ימין ושמאול הסר רגלך מרע

< Lododowo 4 >