< Lododowo 31 >

1 Fia Lemuel ƒe nyawo, nyagblɔɖi si dadaa fiae lae nye esi:
דברי למואל מלך-- משא אשר-יסרתו אמו
2 “Oo vinye, O nye dɔmevi, O nye adzɔgbeɖevi,
מה-ברי ומה-בר-בטני ומה בר-נדרי
3 Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋu kple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o.
אל-תתן לנשים חילך ודרכיך למחות מלכין
4 “O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o, menye fiawo tɔ be woano wain o eye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o.
אל למלכים למואל--אל למלכים שתו-יין ולרוזנים או (אי) שכר
5 Ne menye nenema o la, woamu aha aŋlɔ nu si sea gblɔ la be eye woaxɔ ablɔɖe le ame siwo wote ɖe anyi la si.
פן-ישתה וישכח מחקק וישנה דין כל-בני-עני
6 Tsɔ aha muame na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m kple wain na ane siwo le nuxaxa me,
תנו-שכר לאובד ויין למרי נפש
7 na woanoe aŋlɔ woƒe ahedada be eye womagaɖo ŋku woƒe hiãtuame dzi akpɔ o.
ישתה וישכח רישו ועמלו לא יזכר-עוד
8 “Ƒo nu ɖe ame siwo mate ŋu aƒo nu ɖe wo ɖokui nu o la nu eye nàʋli amemanɔsitɔwo ƒe ablɔɖe ta.
פתח-פיך לאלם אל-דין כל-בני חלוף
9 Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.”
פתח-פיך שפט-צדק ודין עני ואביון
10 Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu? Exɔ asi wu adzagba.
אשת-חיל מי ימצא ורחק מפנינים מכרה
11 Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.
בטח בה לב בעלה ושלל לא יחסר
12 Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la, ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o.
גמלתהו טוב ולא-רע-- כל ימי חייה
13 Edia ɖetifu kple avemeka eye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa.
דרשה צמר ופשתים ותעש בחפץ כפיה
14 Ele abe asiʋu ene eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee.
היתה כאניות סוחר ממרחק תביא לחמה
15 Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o, edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo.
ותקם בעוד לילה--ותתן טרף לביתה וחק לנערתיה
16 Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ, eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee.
זממה שדה ותקחהו מפרי כפיה נטע (נטעה) כרם
17 Ewɔa dɔ kple ŋkubiã eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu.
חגרה בעוז מתניה ותאמץ זרועתיה
18 Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe eye yeƒe akaɖi metsina le zã me o.
טעמה כי-טוב סחרה לא-יכבה בליל (בלילה) נרה
19 Ɖetifutreti le eƒe asi me eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee.
ידיה שלחה בכישור וכפיה תמכו פלך
20 Eʋua asi na ame dahewo eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ.
כפה פרשה לעני וידיה שלחה לאביון
21 Ne snodzaɣi ɖo la, mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu o elabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ.
לא-תירא לביתה משלג כי כל-ביתה לבש שנים
22 Elɔ̃a abadzivɔ na eƒe aba eye wòdoa aklala biɖibiɖi ƒe awu kple awu blɔ.
מרבדים עשתה-לה שש וארגמן לבושה
23 Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonu ne enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome.
נודע בשערים בעלה בשבתו עם-זקני-ארץ
24 Etɔa aklala biɖibiɖi ƒe awuwo dzrana eye wòdzraa alidziblanu na asitsalawo.
סדין עשתה ותמכר וחגור נתנה לכנעני
25 Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna.
עז-והדר לבושה ותשחק ליום אחרון
26 Eƒoa nu kple nunya eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi.
פיה פתחה בחכמה ותורת חסד על-לשונה
27 Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie eye meɖua kuviabolo o.
צופיה הילכות (הליכות) ביתה ולחם עצלות לא תאכל
28 Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ, nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be,
קמו בניה ויאשרוה בעלה ויהללה
29 “‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu, gake wò la, èƒo wo katã ta.’
רבות בנות עשו חיל ואת עלית על-כלנה
30 Nyonyo la, beblee, eye tugbedzedze nu hã va yina kaba; gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa.
שקר החן והבל היפי אשה יראת-יהוה היא תתהלל
31 Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ le dua ƒe agbowo nu.”
תנו-לה מפרי ידיה ויהללוה בשערים מעשיה

< Lododowo 31 >