< Lododowo 30 >

1 Yake vi Agur ƒe nyagblɔɖi. Ŋutsu sia gblɔ na Itiel, kple Ukal be:
Yake vi Agur ƒe nyagblɔɖi. Ŋutsu sia gblɔ na Itiel, kple Ukal be:
2 “Nyee tsi bome wu le amewo dome; ame ƒe nugɔmesese mele asinye o.
“Nyee tsi bome wu le amewo dome; ame ƒe nugɔmesese mele asinye o.
3 Nyemesrɔ̃ nunya alo nya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o.
Nyemesrɔ̃ nunya alo nya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o.
4 Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae!
Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae!
5 “Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o; enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.
“Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o; enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.
6 Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o, ne menye nenema o la, aka mo na wò eye woakpɔe be ènye alakpatɔ.
Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o, ne menye nenema o la, aka mo na wò eye woakpɔe be ènye alakpatɔ.
7 “O Yehowa, nu evee mebia wò; mègatem hafi maku o.
“O Yehowa, nu evee mebia wò; mègatem hafi maku o.
8 Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye, mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o, ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom.
Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye, mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o, ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom.
9 Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi.
Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi.
10 “Mègagblẽ dɔla ŋu na eƒe aƒetɔ o, ne menye nenema o la, ado ɖiŋu na wò eye nàkpe fu ɖe eta.
“Mègagblẽ dɔla ŋu na eƒe aƒetɔ o, ne menye nenema o la, ado ɖiŋu na wò eye nàkpe fu ɖe eta.
11 “Ame aɖewo li, siwo doa ɖiŋu na wo fofowo eye womeyraa wo dadawo hã o;
“Ame aɖewo li, siwo doa ɖiŋu na wo fofowo eye womeyraa wo dadawo hã o;
12 ame siwo dza le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume, evɔ womeklɔ ɖi si woƒo la ɖa le wo ŋuti o;
ame siwo dza le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume, evɔ womeklɔ ɖi si woƒo la ɖa le wo ŋuti o;
13 ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi, eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;
ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi, eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;
14 ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene, ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome.
ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene, ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome.
15 “Vinyɔnu eve le axɔ̃ si, wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’ “Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o:
“Vinyɔnu eve le axɔ̃ si, wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’ “Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o:
16 woawoe nye, yɔdo, vidzidɔ si tsi ko, anyigba si tsi meɖia kɔ na o, kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o. (Sheol h7585)
woawoe nye, yɔdo, vidzidɔ si tsi ko, anyigba si tsi meɖia kɔ na o, kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o. (Sheol h7585)
17 “Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu, eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la, balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome, eye akagawo aɖui.
“Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu, eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la, balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome, eye akagawo aɖui.
18 “Nu etɔ̃ li siwo wɔ nuku nam akpa, eye nyemese enelia gɔme o:
“Nu etɔ̃ li siwo wɔ nuku nam akpa, eye nyemese enelia gɔme o:
19 hɔ̃ ƒe mɔ le yame, da ƒe mɔ le agakpe dzi, tɔdziʋu ƒe mɔ le atsiaƒuwo dzi kple ŋutsu ƒe mɔ le ɖetugbi gbɔ.
hɔ̃ ƒe mɔ le yame, da ƒe mɔ le agakpe dzi, tɔdziʋu ƒe mɔ le atsiaƒuwo dzi kple ŋutsu ƒe mɔ le ɖetugbi gbɔ.
20 “Esiae nye nyɔnu ahasitɔ ƒe mɔ. Eɖua nu hetutua nuto gblɔna be, ‘Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’
“Esiae nye nyɔnu ahasitɔ ƒe mɔ. Eɖua nu hetutua nuto gblɔna be, ‘Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’
21 “Nu etɔ̃ tee anyigba ʋuʋuna le kpekpekpe, eye le enelia te ya la, mate ŋu atsɔe o:
“Nu etɔ̃ tee anyigba ʋuʋuna le kpekpekpe, eye le enelia te ya la, mate ŋu atsɔe o:
22 woawoe nye, dɔla si va zu fia, bometsila si si nuɖuɖu bɔ ɖo fũu,
woawoe nye, dɔla si va zu fia, bometsila si si nuɖuɖu bɔ ɖo fũu,
23 ne nyɔnu si ame aɖeke melɔ̃ eƒe nya o, la ɖe srɔ̃ kple ne dɔlanyɔnu xɔ ɖe eƒe aƒenɔ teƒe.
ne nyɔnu si ame aɖeke melɔ̃ eƒe nya o, la ɖe srɔ̃ kple ne dɔlanyɔnu xɔ ɖe eƒe aƒenɔ teƒe.
24 “Nu ene le anyigba dzi le sue, gake woƒe nunya gbɔ metsɔ o:
“Nu ene le anyigba dzi le sue, gake woƒe nunya gbɔ metsɔ o:
25 anyidiwo nye nuwɔwɔ si ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake woƒoa woƒe nuɖuɖu nu ƒu le dzomeŋɔli;
anyidiwo nye nuwɔwɔ si ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake woƒoa woƒe nuɖuɖu nu ƒu le dzomeŋɔli;
26 kpetomefiwo nye lã siwo ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake wowɔa woƒe nɔƒe ɖe agakpewo tome;
kpetomefiwo nye lã siwo ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake wowɔa woƒe nɔƒe ɖe agakpewo tome;
27 Fia mele ʋetsuviwo si o, gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me;
Fia mele ʋetsuviwo si o, gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me;
28 woate ŋu alé adoglo kple asi, gake fiawo ƒe aƒewo mee wokpɔa wo le.
woate ŋu alé adoglo kple asi, gake fiawo ƒe aƒewo mee wokpɔa wo le.
29 “Nu etɔ̃e zɔa agozɔli eye nu enee zɔna abe fia ene:
“Nu etɔ̃e zɔa agozɔli eye nu enee zɔna abe fia ene:
30 dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o;
dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o;
31 koklotsu, gbɔ̃tsu, kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe.
koklotsu, gbɔ̃tsu, kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe.
32 “Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la, tsɔ wò asi tsyɔ wò nu!
“Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la, tsɔ wò asi tsyɔ wò nu!
33 Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la, nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”
Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la, nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”

< Lododowo 30 >