< Lododowo 29 >

1 Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la, atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe.
A person who has received many rebukes but who stiffens his neck will be broken in a moment beyond healing.
2 Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la, amewo dzɔa dzi; ke ne dziɖuɖu ge ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me la, amewo ŋena.
When righteous people increase, the people rejoice, but when a wicked person is the ruler, the people sigh.
3 Ame si lɔ̃a nunya la hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke ame si dze xɔ̃ gbolowo la gblẽa eƒe ga dome.
Whoever loves wisdom makes his father rejoice, but he who keeps company with prostitutes destroys his wealth.
4 To afia nyui tsotso me fia hea dedinɔnɔ vɛ na dukɔ, ke fia si klẽa ŋu ɖe zãnuxɔxɔ ŋu la gbãa du.
The king establishes the land by justice, but the one who demands bribes tears it down.
5 Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.
A man who flatters his neighbor is spreading a net for his feet.
6 Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me, ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye.
In the sin of an evil person is a trap, but the righteous person sings and rejoices.
7 Ame dzɔdzɔewo tsɔa ɖe le afiatsotso na hiãtɔwo me gake ame vɔ̃ɖiwo ya metsɔa ɖeke le eme o.
The righteous person knows the rights of the poor; the wicked person does not understand such knowledge.
8 Fewuɖulawo dea ʋunyaʋunya du me, ke nunyalawo tsia dziku nu.
Mockers set a city on fire, but those who are wise turn away wrath.
9 Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila, bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o.
When a wise person has an argument with a fool, he rages and laughs, and there will be no rest.
10 Hlɔ̃dolawo lé fu ŋutsu nuteƒewɔla eye wodina be yewoawu dzi dzadzɛ tɔ.
The bloodthirsty hate the one who is blameless and seek the life of the upright.
11 Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana, ke nunyala ɖua eɖokui dzi.
A fool reveals all his anger, but a wise man holds it back and calms himself down.
12 Ne dziɖula ɖo to beblenyawo la, eƒe dɔnunɔlawo katã zua ŋutasẽlawo.
If a ruler pays attention to lies, all his officials will be wicked.
13 Nu ɖeka sia le hiãtɔ kple ameteɖetola siaa si, Yehowae wɔ ŋku na wo ame evea.
The poor person and the oppressor are similar, for Yahweh gives light to the eyes of them both.
14 Ne fia drɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔ ɖe dzɔdzɔenyenye dzi la, eƒe fiazikpui anɔ dedie ɣe sia ɣi.
If a king judges the poor by the truth, his throne will be established forever.
15 Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame, gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa.
The rod and reproof give wisdom, but a child freed from discipline puts his mother to shame.
16 Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la, nu vɔ̃ hã dea dzi, ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze.
When wicked people are in power, transgression increases, but righteous people will see the downfall of those wicked people.
17 Ne èhe viwò ŋutsuvi la, ekema àkpɔ ŋutifafa eye wòahe dzidzɔ vɛ na wò luʋɔ.
Discipline your son and he will give you rest; he will bring delights into your life.
18 Afi si ɖeɖefia mele o la, amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu; ke woayra ame si léa sea me ɖe asi.
Where there is no prophetic vision the people run wild, but the one who keeps the law is blessed.
19 Numenya ɖeɖe mate ŋu aɖɔ dɔla ɖo o, togbɔ be ese egɔme hã la, mawɔ ɖe edzi o.
A slave will not be corrected by words, for though he understands, there will be no response.
20 Èkpɔ ame si ƒoa nu blablablaa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea gɔ̃ hã.
See a man who is hasty in his words? There is more hope for a fool than for him.
21 Ne ŋutsu aɖe wɔ vi na eƒe subɔviŋutsu tso eƒe ɖevime la, ahe nuxaxa vɛ le nuwuwua.
One who pampers his slave from youth, at the end of it there will be trouble.
22 Ŋutsu dɔmedzoetɔ dea dzre amewo dome eye ame si doa dziku kabakaba la wɔa nu vɔ̃ geɖe.
An angry person stirs up strife and a master of rage commits many sins.
23 Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe, ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.
A person's pride brings him low, but one who has a humble spirit will be given honor.
24 Ame si wɔ ɖeka kple fiafitɔ la nye eya ŋutɔ ƒe futɔ; wonana wòkaa atam eye mekpɔ mɔ akɔ nu le edzi o.
One who shares with a thief hates his own life; he hears the curse and says nothing.
25 Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ, ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie.
The fear of man makes a snare, but the one who trusts in Yahweh will be protected.
26 Ame geɖewo dina be yewoado ɖe dziɖula ŋkume, aƒo nu kplii gake Yehowa gbɔ ame ƒe afiatsotso tsona.
Many are those who seek the face of the ruler, but from Yahweh is justice for a person.
27 Nu gbegblẽ wɔla nye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔe eye nu dzɔdzɔe wɔla nye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi.
An unjust man is an abomination to righteous people, but the one whose way is upright is detestable to the wicked person.

< Lododowo 29 >