< Lododowo 26 >
1 Abe ale si sno dzanae le dzomeŋɔli alo tsi dzanae le nuŋeɣi ene la, nenemae bubu medze bometsila o.
As snow in summer, and as rain in harvest, so honor is not seemly for a fool.
2 Abe ale si atsutsrɔe dzonae alo sagbadrɛ saa agbae ene la, nenemae ɖiŋu si wodo na ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee.
As the bird by wandering, as the swallow by flying, so the curse causeless shall not come.
3 Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi nenemae ameƒoti li na bometsila ƒe dzimegbe!
A whip for the horse, a bridle for the ass, and a rod for the fool’s back.
4 Mègaɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu o, ne menye nenema o la, wò ŋutɔ hã ànɔ abe eya amea ene.
Answer not a fool according to his folly, lest you also be like to him.
5 Ɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu, ne menye nenema o la ava bu eɖokui nunyalae le eɖokui gbɔ.
Answer a fool according to his folly, lest he be wise in his own conceit.
6 Dudede asi na bometsila le abe ame ŋutɔ ƒe afɔ lalã alo dzɔgbevɔ̃e nono ene.
He that sends a message by the hand of a fool cuts off the feet, and drinks damage.
7 Abe ale si atatututɔ ƒe afɔ nɔa yamee ene la, nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee.
The legs of the lame are not equal: so is a parable in the mouth of fools.
8 Abe ale si wotsɔa kpe dea akafomee ene la, nenemae bubudede bometsila ŋu le.
As he that binds a stone in a sling, so is he that gives honor to a fool.
9 Abe ale si ŋuti nɔna le ahamula ƒe asimee ene la, nenemae lododo nɔna le bometsila ƒe nu mee.
As a thorn goes up into the hand of a drunkard, so is a parable in the mouths of fools.
10 Ame si daa aŋutrɔ bometsila dzodzro la le abe ame si dɔa dɔ ame si le eme tsom la ene.
The great God that formed all things both rewards the fool, and rewards transgressors.
11 Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la, nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi.
As a dog returns to his vomit, so a fool returns to his folly.
12 Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea.
See you a man wise in his own conceit? there is more hope of a fool than of him.
13 Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le mɔa dzi, dzata si le gbe tem ŋɔdzitɔe la le tsatsam le ablɔwo me!”
The slothful man says, There is a lion in the way; a lion is in the streets.
14 Abe ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee ene la, nenemae kuviatɔ nɔa tɔtrɔm le eƒe aba dzii.
As the door turns on his hinges, so does the slothful on his bed.
15 Kuviatɔ tsɔ eƒe asi de nuɖugba me gake kuvia ɖoe ale gbegbe be, edede nu me zu dɔ nɛ.
The slothful hides his hand in his bosom; it grieves him to bring it again to his mouth.
16 Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe.
The sluggard is wiser in his own conceit than seven men that can render a reason.
17 Ame si le eme tsom gake de nu dzrenya si metsɔ egbɔ o me la le abe ame si lé towo kple eve na avu ene.
He that passes by, and meddles with strife belonging not to him, is like one that takes a dog by the ears.
18 Abe ale si aɖaʋatɔ daa akakati bibi alo aŋutrɔ si ŋu aɖi le la ene la,
As a mad man who casts firebrands, arrows, and death,
19 nenemae nye ame si ble ehavi eye emegbe wògblɔ nɛ be, “Fefem ko mele!”
So is the man that deceives his neighbor, and says, Am not I in sport?
20 Ne nake meli o la, dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena.
Where no wood is, there the fire goes out: so where there is no talebearer, the strife ceases.
21 Abe ale si aka léa dzo eye nake doa dzo ene la, nenema ŋutsu dzretɔ ƒlɔa dzre ɖoe.
As coals are to burning coals, and wood to fire; so is a contentious man to kindle strife.
22 Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; eyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.
The words of a talebearer are as wounds, and they go down into the innermost parts of the belly.
23 Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la, nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le.
Burning lips and a wicked heart are like a potsherd covered with silver dross.
24 Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue, gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me.
He that hates dissembles with his lips, and lays up deceit within him;
25 Togbɔ be eƒe nyawo nya le sesem hã la, mègaxɔ edzi se o elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me.
When he speaks fair, believe him not: for there are seven abominations in his heart.
26 Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe, gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome.
Whose hatred is covered by deceit, his wickedness shall be showed before the whole congregation.
27 Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme eye ame si amli kpe la, kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi.
Whoever digs a pit shall fall therein: and he that rolls a stone, it will return on him.
28 Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii, eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ.
A lying tongue hates those that are afflicted by it; and a flattering mouth works ruin.