< Lododowo 25 >
1 Esiawoe nye Solomo ƒe lododo bubu siwo Yuda fia Hezekia ƒe dɔdzikpɔlawo ŋlɔ da ɖi.
以下也是所羅門的箴言,是猶大王希西家的人所謄錄的。
2 Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya; eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me.
將事隱祕乃上帝的榮耀; 將事察清乃君王的榮耀。
3 Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la, nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o.
天之高,地之厚, 君王之心也測不透。
4 Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu, ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu.
除去銀子的渣滓就有銀子出來, 銀匠能以做器皿。
5 Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia la ŋkume ekema eƒe fiazikpui ali ke to dzɔdzɔenyenye me.
除去王面前的惡人, 國位就靠公義堅立。
6 Mègado ɖokuiwò ɖe dzi le fia la ŋkume o eye mègaʋli nɔƒe le amegãwo dome o.
不要在王面前妄自尊大; 不要在大人的位上站立。
7 Enyo be wòagblɔ na wò be, “Va dzime le afii” wu be wòaɖiɖi wò le bubumewo ŋkume. Nu si nèkpɔ kple wò ŋkuwo la,
寧可有人說:請你上來, 強如在你覲見的王子面前叫你退下。
8 mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua ne hawòvi la do ŋukpe wò?
不要冒失出去與人爭競, 免得至終被他羞辱, 你就不知道怎樣行了。
9 Ne èle nya hem kple hawòvi la, mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o,
你與鄰舍爭訟, 要與他一人辯論, 不可洩漏人的密事,
10 ne menye nenema o la, ame si see la ado ŋukpe wò eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o.
恐怕聽見的人罵你, 你的臭名就難以脫離。
11 Nya si wogblɔ dedie la, le abe “sikaplu” le klosalogba me ene.
一句話說得合宜, 就如金蘋果在銀網子裏。
12 Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene.
智慧人的勸戒,在順從的人耳中, 好像金耳環和精金的妝飾。
13 Dɔla nuteƒewɔla le na ame siwo dɔe la abe ale si sno fanae le nuŋeɣi ene; enana eƒe aƒetɔwo ƒe gbɔgbɔ gbɔna ɖe eme.
忠信的使者叫差他的人心裏舒暢, 就如在收割時有冰雪的涼氣。
14 Ŋutsu si ƒoa adegbe le nunana siwo mena o ŋu la le abe lilikpododo kple ya si medzaa tsi o la ene.
空誇贈送禮物的, 好像無雨的風雲。
15 Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu.
恆常忍耐可以勸動君王; 柔和的舌頭能折斷骨頭。
16 Ne èke ɖe anyitsi ŋu la, no esi sinu nàte ŋui ko, ne ènoe fũu akpa la, àdzɔe.
你得了蜜嗎?只可吃夠而已, 恐怕你過飽就嘔吐出來。
17 Mègaƒo afɔɖi hawòvi ƒe aƒe me o, ne èle egbɔ dem kabakaba la, ava tsri wò.
你的腳要少進鄰舍的家, 恐怕他厭煩你,恨惡你。
18 Ŋutsu si ɖi aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la le abe kpo, yi alo aŋutrɔ ɖaɖɛ ene.
作假見證陷害鄰舍的, 就是大槌,是利刀,是快箭。
19 Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣiwo le abe aɖu vovo alo afɔ tutu ene.
患難時倚靠不忠誠的人, 好像破壞的牙,錯骨縫的腳。
20 Ame si dzi ha na dzi kpekpe tɔ la le abe ame si ɖe awu kpekpe ɖi le vuvɔwɔgbe alo “vinigae” wokɔ ɖe “soɖa” dzi ene.
對傷心的人唱歌, 就如冷天脫衣服, 又如鹼上倒醋。
21 Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na nui wòaɖu, ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.
你的仇敵若餓了,就給他飯吃; 若渴了,就給他水喝;
22 Ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi, eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na wò.
因為,你這樣行就是把炭火堆在他的頭上; 耶和華也必賞賜你。
23 Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la, nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.
北風生雨, 讒謗人的舌頭也生怒容。
24 Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ aƒe ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.
寧可住在房頂的角上, 不在寬闊的房屋與爭吵的婦人同住。
25 Abe ale si tsi fafɛ faa akɔ na luʋɔ gbɔdzɔe ene la, nenema kee nya nyui tso duta hã nɔna.
有好消息從遠方來, 就如拿涼水給口渴的人喝。
26 Ame dzɔdzɔe si na mɔ ame vɔ̃ɖi la le abe tsitsetse si me blu alo vudo si me wolɔ gbe kɔ ɖo la ene.
義人在惡人面前退縮, 好像詵渾之泉,弄濁之井。
27 Menyo be woano anyitsi fũu alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o.
吃蜜過多是不好的; 考究自己的榮耀也是可厭的。
28 Ame si meɖua eɖokui dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.
人不制伏自己的心, 好像毀壞的城邑沒有牆垣。