< Lododowo 24 >

1 Mègabiã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o, mègadi woƒe hamenɔnɔ o
Do not be envious of evil men; neither desire to be with them:
2 elabena woƒe dzi ɖoa nu tovo eye woƒe nuyiwo ƒoa nu tso nu gbegblẽ wɔwɔ ŋuti.
for their hearts plot violence, and their lips talk about mischief.
3 Nunya wotsɔna tua xɔe eye gɔmesese wotsɔna ɖoa egɔme anyie,
Through wisdom a house is built; by understanding it is established;
4 to sidzedze me wotsɔa nu nyui tɔxɛ siwo mebɔ o kple kesinɔnu nyuiwo yɔa woƒe xɔwo mee.
by knowledge the rooms are filled with all rare and beautiful treasure.
5 Ŋusẽ gã aɖe le nunyala si eye ame si si gɔmesese le la dzia eƒe ŋusẽ ɖe edzi.
A wise man has great power; and a knowledgeable man increases strength;
6 Èhiã nufiame hafi adze aʋa eye hafi dziɖuɖu nava la, èhiã aɖaŋuɖola geɖewo.
for by wise guidance you wage your war; and victory is in many advisors.
7 Nunya kɔ boo na bometsila akpa; le amehawo dome, le agbo nu la, nya aɖeke mele esi wòagblɔ o.
Wisdom is too high for a fool: he doesn't open his mouth in the gate.
8 Ame si ɖo vɔ̃ be yeawɔ lae woyɔna be ame vɔ̃ɖi.
One who plots to do evil will be called a schemer.
9 Bometsinuwo ɖoɖo nye nu vɔ̃ eye amewo tsria fewuɖula.
The schemes of folly are sin. The mocker is detested by men.
10 Ne èʋuʋu le xaxaɣi la, aleke wò ŋusẽ mehele sue o?
If you falter in the time of trouble, your strength is small.
11 Ɖe ame siwo wokplɔ yina wuwu ge eye xɔ na ame siwo le yiyim sɔgɔsɔgɔ yina ɖe ku me.
Rescue those who are being led away to death. Indeed, hold back those who are staggering to the slaughter.
12 Ne ègblɔ be, “Míenya naneke tso nu sia ŋuti o” la, ɖe ame si daa dziwo kpɔ la menyae oa? Ɖe wòle nyanya na ame si kpɔa wò agbe ta? Ɖe maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu oa?
If you say, "Look, we did not know this;" doesn't he who weighs the hearts consider it? He who keeps your soul, doesn't he know it? Shall he not render to every man according to his work?
13 Vinye, no anyitsi elabena enyo; anyitsi tso anyito me avivi le wò nu me.
My son, eat honey, for it is good; the droppings of the honeycomb, which are sweet to your taste.
14 Nyae hã be, nunya avivi wò luʋɔ nu; ne èke ɖe eŋu la, mɔkpɔkpɔ li na wò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
Likewise, know that wisdom is such to your soul; if you have found it, then there will be a reward, and your hope will not be cut off.
15 Mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o, mègava ha enɔƒe o
Do not lie in wait, wicked man, against the habitation of the righteous. Do not destroy his resting place.
16 elabena togbɔ be ame dzɔdzɔe adze anyi zi adre hã la, agafɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ya la, dzɔgbevɔ̃e ahe wo aƒu anyi.
For the righteous may fall seven times, but gets up again, but the wicked will stumble in adversity.
17 Mègakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ne wò futɔ dze anyi o, eye ne ekli nu la, dzi megadzɔ wò o,
Do not rejoice when your enemy falls. Do not let your heart be glad when he is overthrown;
18 elabena Yehowa akpɔe, eye madze eŋu o, eye wòaɖe eƒe dziku ɖa le edzi.
lest the LORD see it, and it displease him, and he turn away his wrath from him.
19 Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta alo aʋã ŋu ŋutasẽla o,
Do not fret yourself because of evildoers; neither be envious of the wicked:
20 elabena mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame vɔ̃ɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋuti o eye woatsi ŋutasẽlawo ƒe akaɖi.
for there will be no reward to the evil man; and the lamp of the wicked shall be snuffed out.
21 Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la eye mègade aglãdzelawo dzi o
My son, fear the LORD and the king. Do not join those who are rebellious:
22 elabena ame eve mawo ana gbegblẽ naƒo ɖe wo dzi kpoyi eye ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si woate ŋu ahe vɛ?
for their calamity will rise suddenly; the destruction from them both—who knows?
23 Esiawo hã nye nunyalawo ƒe nyagbɔgblɔwo: Akpa ɖeka dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.
These also are sayings of the wise. To show partiality in judgment is not good.
24 Ame si agblɔ na fɔɖila be, “Mèdze agɔ o” la, amewo ado ɖiŋu nɛ eye dukɔwo anyɔ ŋui.
He who says to the wicked, "You are righteous;" peoples shall curse him, and nations shall abhor him—
25 Ke eme anyo na ame siwo abu fɔ agɔdzela eye yayra gãwo ava wo ameawo dzi.
but it will go well with those who convict the guilty, and a rich blessing will come on them.
26 Nyaŋuɖoɖo ɖe ɖoɖo nu le abe nugbugbɔ ene.
An honest answer is like a kiss on the lips.
27 Wu wò gotadɔwo nu eye nàdzra wò agble me ɖo, ema megbe la, tu wò xɔ.
Prepare your work outside, and get your fields ready. Afterwards, build your house.
28 Mègaɖu ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro alo atsɔ wò nuyiwo aka aʋatsoe o.
Do not be a witness against your neighbor without cause. Do not deceive with your lips.
29 Mègagblɔ be, “Mele ewɔ ge nɛ abe ale si wòwɔe ɖe ŋutinye ene, mele eteƒe ɖo ge na ŋutsu sia ɖe nu si wòwɔ la ta” o.
Do not say, "I will do to him as he has done to me; I will render to the man according to his work."
30 Meto kuviatɔ kple ame manyanu ƒe waingble ŋu yi;
I went by the field of the sluggard, by the vineyard of the man void of understanding;
31 ŋu vu tsyɔ afi sia afi, gbe to ɖe eme katã eye kpekpɔ la kaka le eŋu.
Look, it was all grown over with thorns. Its surface was covered with nettles, and its stone wall was broken down.
32 Metsɔ nye dzi ɖo nu si mekpɔ la ŋu eye mesrɔ̃ nu tso nu si mekpɔ la me.
Then I saw, and considered well. I saw, and received instruction:
33 Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,
a little sleep, a little slumber, a little folding of the hands to sleep;
34 tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene, eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.
so your poverty will come as a robber, and your want as an armed man.

< Lododowo 24 >