< Lododowo 22 >

1 Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.
A good name is more desirable than great riches, and loving favor is better than silver and gold.
2 Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu: Yehowae nye wo katã Wɔla.
The rich and the poor have this in common: Jehovah is the maker of them all.
3 Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu.
The shrewd see danger and take cover, but the naive keep on going and suffer for it.
4 Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vɛ.
The result of humility and the fear of Jehovah is wealth, honor, and life.
5 Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi, ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ.
Thorns and snares are in the path of the wicked: whoever guards his soul stays from them.
6 He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o.
Train a child in the way he should go, and when he is old he will not depart from it.
7 Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ.
The rich rule over the poor. The borrower is servant to the lender.
8 Ame si ƒã vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e, eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti.
He who sows wickedness reaps trouble, and the rod of his fury will fail. God blesses a cheerful and generous person, but the vanity of his deeds he will bring to an end.
9 Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo.
He who has a generous eye will be blessed; for he shares his food with the poor.
10 Nya fewuɖula la do goe eye dzre hã ado go, nenema ke nyahehe kple dzudzu hã awu nu.
Drive out the mocker, and strife will go out; yes, quarrels and insults will stop.
11 Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛ kple nuƒoƒo si me nya dzetowo le la, eyae fia la adze xɔ̃e.
He who loves purity of heart and speaks gracefully is the king's friend.
12 Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu, ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo.
The eyes of Jehovah watch over knowledge; but he frustrates the words of the unfaithful.
13 Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!”
The sluggard says, "There is a lion outside. I will be killed in the streets."
14 Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme.
The mouth of an adulteress is a deep pit: he who is under Jehovah's wrath will fall into it.
15 Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu, ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ.
Folly is bound up in the heart of a child: the rod of discipline drives it far from him.
16 Ame si tea ame dahewo ɖe anyi be yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi kple ame si naa nu kesinɔtɔ la siaa age ɖe hiã me.
Whoever oppresses the poor for his own increase and whoever gives to the rich, both come to poverty.
17 Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo, na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti,
The words of the wise: Incline your ear and hear my words, and apply your heart to my instruction.
18 elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe wò dzi me, eye wo katã nanɔ klalo le wò nuyiwo dzi.
For it is a pleasant thing if you keep them within you, if all of them are ready on your lips.
19 Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea, ɛ̃, wòe mele nu fiam.
That your trust may be in Jehovah, I teach you today, even you.
20 Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na wò, aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo
Haven't I written to you thirty excellent things of counsel and knowledge,
21 be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu na ame si dɔ wò la oa?
To teach you truth, reliable words, to give sound answers to the ones who sent you?
22 Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o,
Do not exploit the poor, because he is poor; and do not crush the needy in court;
23 elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo.
for Jehovah will plead their case, and plunder the life of those who plunder them.
24 Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o,
Do not befriend a hot-tempered man, and do not associate with one who harbors anger:
25 ne menye nenema o la, àva srɔ̃ eƒe mɔwo eye nàtsɔ ɖokuiwò ade mɔ me.
lest you learn his ways, and ensnare your soul.
26 Mèganye ame si ƒua asi akɔ ɖe fenyila nu alo dea megbe na ame si do nugbana la o;
Do not be one of those who strike hands, of those who are collateral for debts.
27 eye ne mèkpɔ ga axe fea o la, woaɖe aba si dzi nèmlɔna la gɔ̃ hã le tewò.
If you do not have means to pay, why should he take away your bed from under you?
28 Mègaɖe blemaliƒokpe si fofowòwo ɖi la ɖa o.
Do not move the ancient boundary stone, which your fathers have set up.
29 Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma? Asubɔ le fiawo ŋgɔ eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o.
Do you see a man skilled in his work? He will serve kings. He won't serve obscure men.

< Lododowo 22 >