< Lododowo 21 >

1 Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me; efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene.
פלגי-מים לב-מלך ביד-יהוה על-כל-אשר יחפץ יטנו
2 Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu gake Yehowae daa dziwo kpɔ.
כל-דרך-איש ישר בעיניו ותכן לבות יהוה
3 Nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.
עשה צדקה ומשפט-- נבחר ליהוה מזבח
4 Ŋku gã kple dzi si me dada le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi, evɔ wòhenye nu vɔ̃.
רום-עינים ורחב-לב-- נר רשעים חטאת
5 Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ.
מחשבות חרוץ אך-למותר וכל-אץ אך-למחסור
6 Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le.
פעל אצרות בלשון שקר-- הבל נדף מבקשי-מות
7 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o.
שד-רשעים יגורם כי מאנו לעשות משפט
8 Fɔɖila ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe.
הפכפך דרך איש וזר וזך ישר פעלו
9 Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.
טוב לשבת על-פנת-גג-- מאשת מדינים ובית חבר
10 Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame vɔ̃ɖi vevie, mekpɔa nublanui na ehavi o.
נפש רשע אותה-רע לא-יחן בעיניו רעהו
11 Ne wohe to na fewuɖula la, bometsilawo dzea nunya; ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi.
בענש-לץ יחכם-פתי ובהשכיל לחכם יקח-דעת
12 Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi.
משכיל צדיק לבית רשע מסלף רשעים לרע
13 Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, ne eya hã do ɣli la, ame aɖeke masee nɛ o.
אטם אזנו מזעקת-דל-- גם-הוא יקרא ולא יענה
14 Nunana si wona le adzame la faa dziku nu eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la léa avu dziku helĩhelĩ.
מתן בסתר יכפה-אף ושחד בחק חמה עזה
15 Afia nyui tsotso hea dzidzɔ vɛ na ame dzɔdzɔe, ke ehea ŋɔdzi vɛ na vɔ̃ wɔlawo.
שמחה לצדיק עשות משפט ומחתה לפעלי און
16 Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me.
אדם--תועה מדרך השכל בקהל רפאים ינוח
17 Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ eye ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o.
איש מחסור אהב שמחה אהב יין-ושמן לא יעשיר
18 Ame vɔ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu.
כפר לצדיק רשע ותחת ישרים בוגד
19 Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola.
טוב שבת בארץ-מדבר-- מאשת מדונים (מדינים) וכעס
20 Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu, gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi.
אוצר נחמד ושמן--בנוה חכם וכסיל אדם יבלענו
21 Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu.
רדף צדקה וחסד-- ימצא חיים צדקה וכבוד
22 Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.
עיר גברים עלה חכם וירד עז מבטחה
23 Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la, ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me.
שמר פיו ולשונו-- שמר מצרות נפשו
24 Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”
זד יהיר לץ שמו-- עושה בעברת זדון
25 Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ, elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o.
תאות עצל תמיתנו כי-מאנו ידיו לעשות
26 Ele nu dzrom ŋkeke blibo la, ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.
כל-היום התאוה תאוה וצדיק יתן ולא יחשך
27 Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu, kaka wòahanye be etsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi.
זבח רשעים תועבה אף כי-בזמה יביאנו
28 Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi.
עד-כזבים יאבד ואיש שומע לנצח ידבר
29 Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi, ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu.
העז איש רשע בפניו וישר הוא יכין דרכיו (יבין דרכו)
30 Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
אין חכמה ואין תבונה-- ואין עצה לנגד יהוה
31 Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu, gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le.
סוס--מוכן ליום מלחמה וליהוה התשועה

< Lododowo 21 >