< Lododowo 20 >

1 Wain nye fewuɖula eye aha muame nye avuwɔla, ame si wokplɔ trae la menya nu o.
Wine is a mocker, strong drink is a brawler, and whoever is led astray by them is not wise.
2 Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene ame si do dziku nɛ la bua eƒe agbe.
The terror of a king is like the roar of a lion; whoever provokes him forfeits his own life.
3 Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba.
It is honorable for a man to resolve a dispute, but any fool will quarrel.
4 Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o, eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe.
The slacker does not plow in season; at harvest time he looks, but nothing is there.
5 Ŋutsu ƒe tameɖoɖowo nye tɔ goglo, gake ame si si nugɔmesese su la akui wòavɔ.
The intentions of a man’s heart are deep waters, but a man of understanding draws them out.
6 Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla?
Many a man proclaims his loving devotion, but who can find a trustworthy man?
7 Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o; yayra anɔ viawo dzi emegbe gɔ̃ hã.
The righteous man walks with integrity; blessed are his children after him.
8 Ne fia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la, eɖe vɔ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo.
A king who sits on a throne to judge sifts out all evil with his eyes.
9 Ame ka ate ŋu agblɔ bena, “Mewɔ nye dzi dzadzɛe, ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?”
Who can say, “I have kept my heart pure; I am cleansed from my sin”?
10 Yehowa lé fu nudakpe vovovo eve kple nudzidzenu vovovo eve siaa.
Differing weights and unequal measures — both are detestable to the LORD.
11 Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me, ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe.
Even a young man is known by his actions— whether his conduct is pure and upright.
12 Yehowa wɔ to si sea nu kple ŋku si kpɔa nu la siaa.
Ears that hear and eyes that see— the LORD has made them both.
13 Mègalɔ̃ alɔ̃ tsu dɔdɔ o, ne menye nenema o la, àva zu hiãtɔ, nɔ ŋu ekema àɖu nu wòasusɔ.
Do not love sleep, or you will grow poor; open your eyes, and you will have plenty of food.
14 Nuƒlela gblɔna be, “Menyo o, menyo o,” emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi.
“Worthless, worthless!” says the buyer, but on the way out, he gloats.
15 Sika li, adzagba hã li fũu gake nuyi siwo gblɔa nunyanya la, kpe xɔasi veviwo wonye.
There is an abundance of gold and rubies, but lips of knowledge are a rare treasure.
16 Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si, tsɔe ɖo awɔbae ne eda megbe na nyɔnu gbolowɔla.
Take the garment of the one who posts security for a stranger; get collateral if it is for a foreigner.
17 Nuɖuɖu si wokpɔ to amefuflu me la vivina na ŋutsu, gake le nuwuwu la, eƒe nu me yɔna kple kpekui sɔŋ.
Food gained by fraud is sweet to a man, but later his mouth is full of gravel.
18 Wɔ ɖoɖo to aɖaŋuxɔxɔ me, ne èle aʋa wɔm la, bia mɔfiame.
Set plans by consultation, and wage war under sound guidance.
19 Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola.
He who reveals secrets is a constant gossip; avoid the one who babbles with his lips.
20 Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la, woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me.
Whoever curses his father or mother, his lamp will be extinguished in deepest darkness.
21 Domenyinu si wokpɔ to mɔ kpui dzi le gɔmedzedzea me la, yayra manɔ edzi le nuwuwua o.
An inheritance gained quickly will not be blessed in the end.
22 Mègagblɔ be, “Maɖo vɔ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò” o! Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe wò.
Do not say, “I will avenge this evil!” Wait on the LORD, and He will save you.
23 Yehowa lé fu nudakpe ƒomevi vovovowo eye nudanu amebatɔ hã menyoa Yehowa ŋu o.
Unequal weights are detestable to the LORD, and dishonest scales are no good.
24 Yehowa fiaa afɔɖeɖe ame, ke aleke ame aɖe awɔ ase eya ŋutɔ ƒe mɔwo gɔme?
A man’s steps are from the LORD, so how can anyone understand his own way?
25 Mɔ wònye na ame ne ekɔ nane ŋu tamemabumabutɔe eye emegbe hafi wòva bu adzɔgbe si wòɖe la ŋuti.
It is a trap for a man to dedicate something rashly, only later to reconsider his vows.
26 Fia nyanu gbɔa ame vɔ̃ɖiwo eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam.
A wise king separates out the wicked and drives the threshing wheel over them.
27 Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ.
The spirit of a man is the lamp of the LORD, searching out his inmost being.
28 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nana fia nɔa dedinɔnɔ me eye to lɔlɔ̃ me eƒe fiazikpui lia ke.
Loving devotion and faithfulness preserve a king; by these he maintains his throne.
29 Ɖekakpuiwo ƒe ŋusẽe nye woƒe ŋutikɔkɔe eye ta ƒowɔ nye ame tsitsiwo ƒe atsyɔ̃.
The glory of young men is their strength, and gray hair is the splendor of the old.
30 Kɔ kple abixɔxɔ ɖea vɔ̃ ɖa eye ƒoƒo klɔa ame ƒe ememe ke.
Lashes and wounds scour evil, and beatings cleanse the inmost parts.

< Lododowo 20 >