< Lododowo 2 >
1 Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,
わが子よ、もしあなたがわたしの言葉を受け、わたしの戒めを、あなたの心におさめ、
2 ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese,
あなたの耳を知恵に傾け、あなたの心を悟りに向け、
3 ne èyɔ sidzedze eye nèdo ɣli na gɔmesese,
しかも、もし知識を呼び求め、悟りを得ようと、あなたの声をあげ、
4 ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la,
銀を求めるように、これを求め、かくれた宝を尋ねるように、これを尋ねるならば、
5 ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu
あなたは、主を恐れることを悟り、神を知ることができるようになる。
6 elabena Yehowae naa nunya, eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.
これは、主が知恵を与え、知識と悟りとは、み口から出るからである。
7 Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,
彼は正しい人のために、確かな知恵をたくわえ、誠実に歩む者の盾となって、
8 elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta.
公正の道を保ち、その聖徒たちの道筋を守られる。
9 Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme,
そのとき、あなたは、ついに正義と公正、公平とすべての良い道を悟る。
10 elabena nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ.
これは知恵が、あなたの心にはいり、知識があなたの魂に楽しみとなるからである。
11 Tamebubu nyui akpɔ tawò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.
慎みはあなたを守り、悟りはあなたを保って、
12 Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi, tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me,
悪の道からあなたを救い、偽りをいう者から救う。
13 ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna le mɔ doblukɔwo dzi,
彼らは正しい道を離れて、暗い道に歩み、
14 ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na, eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu,
悪を行うことを楽しみ、悪人の偽りを喜び、
15 ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ eye wotrana le woƒe mɔwo dzi.
その道は曲り、その行いは、よこしまである。
16 Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me
慎みと悟りはまたあなたを遊女から救い、言葉の巧みな、みだらな女から救う。
17 ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii le Mawu ŋkume la dzi o
彼女は若い時の友を捨て、その神に契約したことを忘れている。
18 elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ.
その家は死に下り、その道は陰府におもむく。
19 Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo alo gena ɖe agbemɔ la dzi o.
すべて彼女のもとへ行く者は、帰らない、また命の道にいたらない。
20 Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi.
こうして、あなたは善良な人々の道に歩み、正しい人々の道を守ることができる。
21 Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi
正しい人は地にながらえ、誠実な人は地にとどまる。
22 gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.
しかし悪しき者は地から断ち滅ぼされ、不信実な者は地から抜き捨てられる。