< Lododowo 16 >

1 Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo, ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ.
內心策劃在於人,應允卻在於上主。
2 Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o, ke Yehowa daa susuwo kpɔ.
對自己的行為,人都自覺無瑕;但審察心靈的,卻是上主。
3 Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me, ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò.
將你的作為委託於上主,這樣你的計劃必會成功。
4 Yehowa wɔ nu sia nu le eƒe ŋudɔwɔnu ta, eɖo ame vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã ɖi hena dzɔgbevɔ̃eŋkeke la.
上主所造的各有其用意,連惡人也有不幸的一日。
5 Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa. Maka ɖe edzi na wò be, womagbe tohehe na wo o.
居心傲慢的,上主必厭惡;這一類的人,逃不掉懲罰。
6 Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me.
藉慈善忠誠,可補贖罪過;藉敬畏上主,可避免罪惡。
7 Ne ame aɖe ƒe mɔwo nyo Yehowa ŋu la, enana eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa anyi kplii le ŋutifafa me.
世人的行徑,若中悅上主,他必使仇敵,再與他和好。
8 Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo.
收入少而守正義,勝於進款多而行不義。
9 Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.
人心裏都策劃自己的行徑;但他的步伐卻由上主支配。
10 Fia ƒe nuyiwo ƒoa nu abe nya gblɔm wòle ɖi ene eya ta eƒe nu megatso afia gbegblẽ o.
神明的斷語,出自君王口;他口下判斷,必不致差錯。
11 Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ eye nenema ke nudakpe siwo katã le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ.
天秤和稱盤,屬上主所有;囊中的法碼,全由他制定。
12 Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
君王最厭惡的是作惡,因為王位賴正義而立。
13 Nuyi siwo dzi alakpa mele o la, doa dzidzɔ na fiawo, wodea asixɔxɔ ame si toa nyateƒe la ŋu.
正義的唇舌,為君王所喜悅;說話正直者,為君王所愛戴。
14 Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, ke nunyala alé avui.
君王的震怒,是死訊的使者;但是智慧人,能平息王怒。
15 Ne fia ɖo mo kɔkɔe la, egɔmee nye agbe eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene.
君王容光煥發,人即可活命;君王的恩澤,有如春雲時雨。
16 Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o!
獲得智慧,勝於獲得黃金;獲得智慧,勝於獲得白銀。
17 Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti.
正直人的行徑遠離邪惡,謹守行為的人必確保生命。
18 Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
驕橫是滅亡的先聲,傲慢是隕落的前導。
19 Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo.
謙下與貧民共處,勝於與驕傲人分贓。
20 Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi.
細聽勸言的,必將受益;信賴上主的,真是有福。
21 Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo, eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ.
有慧心的人,被稱為哲人;溫和的口吻,更具說服力。
22 Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti, ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo.
為有智識的人,智識是生命的泉源;然而糊塗愚昧,卻是愚昧人的懲罰。
23 Nunyala ƒe dzi dzɔa eƒe nu ŋuti eye eƒe nuyiwo doa nufiame ɖe ŋgɔ.
智慧人的心,使自己的嘴靈巧,使自己的唇舌,更具說服力。
24 Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo.
親切的言語,有如蜂蜜,使心靈愉快,使筋骨舒暢。
25 Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
有些道路,看來正直;走到盡頭,卻是死路。
26 Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ, dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi.
工人的胃口,催他勞作;工人的口腹,迫他工作。
27 Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene.
無賴之徒,圖謀邪惡;他的嘴上,似有火燒。
28 Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome.
乖戾的人,撒播爭端;告密的人,離間友情。
29 Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi.
強橫的人,誘惑朋友;引他走入不正之徒。
30 Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom, eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo.
誰緊閉眼睛,是在策劃陰謀;誰緊咬口唇,邪惡業已完成。
31 Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku, agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ.
皓首白髮,是尊榮的冠冕;只在正義的道上,方可獲得。
32 Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ, ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.
有涵養的人,勝於勇士;克服自己的人,勝於克城的人。
33 Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.
人儘可在懷中抽籤,但決斷卻在乎上主。

< Lododowo 16 >