< Lododowo 15 >

1 Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.
Гнев губит и разумных. Кроткий ответ отвращает гнев, а оскорбительное слово возбуждает ярость.
2 Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana, gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ.
Язык мудрых сообщает добрые знания, а уста глупых изрыгают глупость.
3 Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu.
На всяком месте очи Господни: они видят злых и добрых.
4 Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.
Кроткий язык - древо жизни, но необузданный сокрушение духа.
5 Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae.
Глупый пренебрегает наставлением отца своего; а кто внимает обличениям, тот благоразумен. В обилии правды великая сила, а нечестивые искоренятся из земли.
6 Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo.
В доме праведника - обилие сокровищ, а в прибытке нечестивого - расстройство.
7 Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze, ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o.
Уста мудрых распространяют знание, а сердце глупых не так.
8 Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.
Жертва нечестивых - мерзость пред Господом, а молитва праведных благоугодна Ему.
9 Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ, ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ.
Мерзость пред Господом - путь нечестивого, а идущего путем правды Он любит.
10 Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalam eye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku.
Злое наказание - уклоняющемуся от пути, и ненавидящий обличение погибнет.
11 Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume, kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi! (Sheol h7585)
Преисподняя и Аваддон открыты пред Господом, тем более сердца сынов человеческих. (Sheol h7585)
12 Fewuɖula tsri nyagbename eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o.
Не любит распутный обличающих его, и к мудрым не пойдет.
13 Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna, gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.
Веселое сердце делает лице веселым, а при сердечной скорби дух унывает.
14 Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu.
Сердце разумного ищет знания, уста же глупых питаются глупостью.
15 Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃ gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii.
Все дни несчастного печальны; а у кого сердце весело, у того всегда пир.
16 Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le.
Лучше немногое при страхе Господнем, нежели большое сокровище, и при нем тревога.
17 Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo.
Лучше блюдо зелени, и при нем любовь, нежели откормленный бык, и при нем ненависть.
18 Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.
Вспыльчивый человек возбуждает раздор, а терпеливый утишает распрю.
19 Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata.
Путь ленивого - как терновый плетень, а путь праведных - гладкий.
20 Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke bometsila doa vlo dadaa.
Мудрый сын радует отца, а глупый человек пренебрегает мать свою.
21 Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu, ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna.
Глупость - радость для малоумного, а человек разумный идет прямою дорогою.
22 Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze.
Без совета предприятия расстроятся, а при множестве советников они состоятся.
23 Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o?
Радость человеку в ответе уст его, и как хорошо слово вовремя!
24 Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o. (Sheol h7585)
Путь жизни мудрого вверх, чтобы уклониться от преисподней внизу. (Sheol h7585)
25 Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi, ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ.
Дом надменных разорит Господь, а межу вдовы укрепит.
26 Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo, ke ame siwo dza la tɔ ya doa dzidzɔ nɛ.
Мерзость пред Господом - помышления злых, слова же непорочных угодны Ему.
27 Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi, ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe.
Корыстолюбивый расстроит дом свой, а ненавидящий подарки будет жить.
28 Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ, ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa.
Сердце праведного обдумывает ответ, а уста нечестивых изрыгают зло.
29 Yehowa le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.
Далек Господь от нечестивых, а молитву праведников слышит.
30 Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi, eye nya nyui dea agbe ƒuwo me.
Светлый взгляд радует сердце, добрая весть утучняет кости.
31 Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la, ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome.
Ухо, внимательное к учению жизни, пребывает между мудрыми.
32 Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui, ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi.
Отвергающий наставление нерадеет о своей душе; а кто внимает обличению, тот приобретает разум.
33 Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
Страх Господень научает мудрости, и славе предшествует смирение.

< Lododowo 15 >