< Lododowo 14 >
1 Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ, ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi.
Every wise woman has built her house, And the foolish breaks it down with her hands.
2 Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la vɔ̃a Yehowa, ke ame siwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la doa vloe.
Whoever is walking in his uprightness is fearing YHWH, And the perverted is despising Him [in] his ways.
3 Bometsila ƒe nuƒo nana ameƒoti dzea eƒe dzimegbe, ke nunyala ƒe nuyi kpɔa eta.
A rod of pride [is] in the mouth of a fool, And the lips of the wise preserve them.
4 Ne nyiwo meli o la, nyikpo me ɖia gbɔlo, ke woxaa nuku geɖe to nyitsu ƒe ŋusẽ me.
Without oxen a stall [is] clean, And great [is] the increase by the power of the ox.
5 Ɖasefo nyateƒetɔ meblea ame o, ke aʋatsoɖasefo ya trɔa alakpa kɔna ɖi glẽglẽglẽ.
A faithful witness does not lie, And a false witness breathes out lies.
6 Fewuɖula dia nunya gake mekpɔa ɖeke o, ke gɔmesese vana na ame si si sidzedze le la bɔbɔe.
A scorner has sought wisdom, and it is not, And knowledge [is] easy to the intelligent.
7 Te ɖa le bometsila gbɔ elabena màkpɔ gɔmesese le eƒe nu me o.
Go from before a foolish man, Or you have not known the lips of knowledge.
8 Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu, ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa.
The wisdom of the prudent [is] to understand his way, And the folly of fools [is] deceit.
9 Bometsilawo le alɔme ɖem le nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋuti, ke ŋudzedzekpɔkpɔ le dzɔdzɔetɔwo dome.
Fools mock at a guilt-offering, And among the upright—a pleasing thing.
10 Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o.
The heart knows its own bitterness, And a stranger does not interfere with its joy.
11 Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe, ke ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ anɔ anyi ɖaa.
The house of the wicked is destroyed, And the tent of the upright flourishes.
12 Mɔ aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
There is a way—right before a man, And its latter end [are] ways of death.
13 Le nukoko gɔ̃ hã me la, dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me.
Even in laughter is the heart pained, And the latter end of joy [is] affliction.
14 Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu.
The backslider in heart is filled from his ways, And a good man—from his fruits.
15 Susu wodzoetɔ xɔa nya sia nya dzi sena, ke nunyala dea ŋugble le eƒe afɔɖeɖewo ŋuti.
The simple gives credence to everything, And the prudent attends to his step.
16 Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa, ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe.
The wise is fearing and turning from evil, And a fool is transgressing and is confident.
17 Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo eye wòléa fu ayedzela.
Whoever is short of temper does folly, And a man of wicked schemes is hated.
18 Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo.
The simple have inherited folly, And the prudent are crowned [with] knowledge.
19 Ame vɔ̃ɖiwo adze klo ɖe ame nyuiwo ŋkume eye nenema ke nu tovo wɔlawo awɔ le ame dzɔdzɔewo ƒe agbonu.
The evil have bowed down before the good, And the wicked at the gates of the righteous.
20 Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo, ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si.
The poor is hated even of his neighbor, And those loving the rich [are] many.
21 Ame si do vlo ehavi la wɔ nu vɔ̃, ke woayra ame si nyo dɔ me na hiãtɔ.
Whoever is despising his neighbor sins, Whoever is favoring the humble, O his blessedness.
22 Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo.
Do they who are devising evil not err? And kindness and truth [are] to those devising good,
23 Kutrikuku ɖe dɔwɔna ŋu hea viɖe vɛ, ke nukpoloeƒoƒo ɖeɖe hea ame yia ahedada mee.
In all labor there is advantage, And a thing of the lips [is] only to want.
24 Nunyalawo ƒe kesinɔnue nye woƒe fiakuku, gake bometsilawo ƒe bometsinuwɔwɔ hea bometsitsi vanɛ.
The crown of the wise is their wealth, The folly of fools [is] folly.
25 Ɖasefo nyateƒetɔ ɖea ame geɖewo ƒe agbe, ke aʋatsoɖasefo nye ameblela.
A true witness is delivering souls, And a deceitful one breathes out lies.
26 Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.
Strong confidence [is] in the fear of YHWH, And there is a refuge to His sons.
27 Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.
The fear of YHWH [is] a fountain of life, To turn aside from snares of death.
28 Ame xexlẽme gbogbo nye fia ƒe ŋutikɔkɔe, ke ne amewo mele du aɖe me o la, gbegblẽ vaa dumegã dzi.
The honor of a king [is] in the multitude of a people, And the ruin of a prince in lack of people.
29 Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.
Whoever is slow to anger [is] of great understanding, And whoever is short in temper is exalting folly.
30 Dzi si me ŋutifafa le la nana agbe ŋutilã gake ŋubiã nana ƒuwo ƒaƒãna.
A healed heart [is] life to the flesh, And rottenness to the bones [is] envy.
31 Ame si tea ame dahewo ɖe anyi la doa vlo wo Wɔla, ke ame si nyoa dɔ me na hiãtɔ la dea bubu Mawu ŋuti.
An oppressor of the poor reproaches his Maker, And whoever is honoring Him Is favoring the needy.
32 Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe.
The wicked is driven away in his wickedness, And the righteous [is] trustful in his death.
33 Ame si si sidzedze su la, nunya tsoa aƒe ɖe eƒe dzi me, eye le bometsilawo dome gɔ̃ hã la, enana wodzea si ame si ƒomevi wònye.
Wisdom rests in the heart of the intelligent. And it is known in the midst of fools.
34 Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi, ke nu vɔ̃ nye ŋukpe na dukɔmeviwo.
Righteousness exalts a nation, And the righteousness of peoples [is] a sin-offering.
35 Dɔla nyanu ƒe nu nyoa fia ŋu, ke eƒe dɔmedzoe vaa dɔla ŋukpenanuwɔla dzi.
The favor of a king [is] to a wise servant, And one causing shame is an object of his wrath!