< Lododowo 13 >
1 Vi nyanu ɖoa to fofoa ƒe amehehe, ke fewuɖula metsɔa ɖeke le mokaname me o.
A wise son heeds his father’s discipline, but a mocker does not listen to rebuke.
2 Ame ƒe nu ƒe kutsetsee wòtsɔna ɖua nu nyuiwoe, ke nuteƒemawɔlawo ƒe dzi tsi dzi ɖe nu vlo wɔwɔ ŋuti.
From the fruit of his lips a man enjoys good things, but the desire of the faithless is violence.
3 Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti, ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃.
He who guards his mouth protects his life, but the one who opens his lips invites his own ruin.
4 Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.
The slacker craves yet has nothing, but the soul of the diligent is fully satisfied.
5 Ame dzɔdzɔe léa fu alakpanya, ke ame vɔ̃ɖiwo ya hea ŋukpe kple vlododo vɛ.
The righteous hate falsehood, but the wicked bring shame and disgrace.
6 Dzɔdzɔenyenye dzɔa ŋutsu fɔmaɖila ƒe agbe ŋuti, ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi léa nu vɔ̃ wɔla ƒua anyi.
Righteousness guards the man of integrity, but wickedness undermines the sinner.
7 Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o, ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi.
One pretends to be rich, but has nothing; another pretends to be poor, yet has great wealth.
8 Ame ƒe kesinɔnuwo ate ŋu aƒle eƒe agbe ta gake ame dahe mesea ŋɔdzidoname aɖeke o.
Riches may ransom a man’s life, but a poor man hears no threat.
9 Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie, ke wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi.
The light of the righteous shines brightly, but the lamp of the wicked is extinguished.
10 Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ, ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ.
Arrogance leads only to strife, but wisdom is with the well-advised.
11 Ga si wokpɔ to mɔ fitifiti dzi la nu va yina, ke ame si dia ga vivivi la wɔnɛ be wòdzina ɖe edzi.
Dishonest wealth will dwindle, but what is earned through hard work will be multiplied.
12 Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ, ke didi si va eme la nye agbeti.
Hope deferred makes the heart sick, but desire fulfilled is a tree of life.
13 Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu, ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo.
He who despises instruction will pay the penalty, but the one who respects a command will be rewarded.
14 Nunyala ƒe nufiafia nye agbevudo, eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.
The teaching of the wise is a fountain of life, turning one from the snares of death.
15 Gɔmesese nyui hea amenuveve vanɛ, ke nuteƒemawɔlawo ƒe mɔ dzi sesẽna.
Good understanding wins favor, but the way of the faithless is difficult.
16 Nunyala ɖe sia ɖe wɔa nu kple gɔmesese, ke bometsila ɖea eƒe bometsitsi fiana.
Every prudent man acts with knowledge, but a fool displays his folly.
17 Dɔtsɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me, ke dɔtsɔla si wɔa nuteƒe la hea dɔyɔyɔ vanɛ.
A wicked messenger falls into trouble, but a faithful envoy brings healing.
18 Ame si do toku amehehe la, ahedada kple ŋukpe vaa edzi, ke wodea bubu ame si lɔ̃a mokaname ŋuti.
Poverty and shame come to him who ignores discipline, but whoever heeds correction is honored.
19 Didi si vaa eme la vivina na luʋɔ, ke vɔ̃tsitsri nye ŋunyɔ na bometsilawo.
Desire fulfilled is sweet to the soul, but turning from evil is detestable to fools.
20 Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya, ke ame si dzea xɔ̃ bometsilawo la gena ɖe fuwɔame me.
He who walks with the wise will become wise, but the companion of fools will be destroyed.
21 Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu.
Disaster pursues sinners, but prosperity is the reward of the righteous.
22 Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo, ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo.
A good man leaves an inheritance to his children’s children, but the sinner’s wealth is passed to the righteous.
23 Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe, ke amebaba kplɔnɛ dzonae.
Abundant food is in the fallow ground of the poor, but without justice it is swept away.
24 Ame si vea nu le ameƒoti gbɔ la léa fu via, ke ame si lɔ̃a via la kpɔa egbɔ be yehee nyuie.
He who spares the rod hates his son, but he who loves him disciplines him diligently.
25 Ame dzɔdzɔe ɖua nu ɖia ƒo, ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya.
A righteous man eats to his heart’s content, but the stomach of the wicked is empty.