< Lododowo 12 >

1 Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze, ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae.
Whoever loves correction loves knowledge, but he who hates reproof is stupid.
2 Yehowa vea ame nyui la nu, ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya.
A good man shall obtain favor from YHWH, but he will condemn a man of wicked devices.
3 Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii o gake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o.
A man shall not be established by wickedness, but the root of the righteous shall not be moved.
4 Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua, ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.
A worthy woman is the crown of her husband, but a disgraceful wife is as rottenness in his bones.
5 Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka, ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble.
The thoughts of the righteous are just, but the advice of the wicked is deceitful.
6 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo.
The words of the wicked are about lying in wait for blood, but the speech of the upright rescues them.
7 Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o, ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa.
The wicked are overthrown, and are no more, but the house of the righteous shall stand.
8 Wokafua ame le nunya si le esi la ta, ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo.
A person is commended according to his good sense, but the one who has a perverse mind is despised.
9 Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò, wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o.
Better is he who is lightly esteemed, and has a servant, than he who honors himself, and lacks bread.
10 Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ.
A righteous man regards the life of his animal, but the tender mercies of the wicked are cruel.
11 Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae.
He who tills his land shall have plenty of bread, but he who chases fantasies is void of understanding.
12 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woha la le ŋutasẽlawo dzrom, ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke ƒona ɖe to sesĩe.
The wicked desires the plunder of evil men, but the root of the righteous flourishes.
13 Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ, ke ame dzɔdzɔe dona le fu me.
An evil man is trapped by sinfulness of lips, but the righteous shall come out of trouble.
14 Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ, eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ.
A man shall be satisfied with good by the fruit of his mouth. The work of a man's hands shall be rewarded to him.
15 Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo.
The way of a fool is right in his own eyes, but he who is wise listens to counsel.
16 Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka, ke nunyala doa toku dzudzu.
A fool shows his annoyance the same day, but one who overlooks an insult is prudent.
17 Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu, ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu.
He who is truthful testifies honestly, but a false witness lies.
18 Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene, ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ.
There is one who speaks rashly like the piercing of a sword, but the tongue of the wise heals.
19 Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa, ke alakpaɖe nu mesena yina o.
Truth's lips will be established forever, but a lying tongue is only momentary.
20 Beble le ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la ƒe dzi me, ke dzidzɔ nɔa ame siwo hea ŋutifafa vɛ la ƒe dzi me.
Deceit is in the heart of those who plot evil, but joy comes to the promoters of peace.
21 Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o, ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu.
No mischief shall happen to the righteous, but the wicked shall be filled with evil.
22 Yehowa lé fu alakpanuyiwo, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu.
Lying lips are an abomination to YHWH, but those who do the truth are his delight.
23 Nunyala mekɔa nu le sidzedze si su esi la dzi o, ke bometsilawo ƒe dzi ɖea gbeƒã woƒe bometsitsi.
A prudent man keeps his knowledge, but the hearts of fools proclaim foolishness.
24 Asi si doa vevi nu la aɖu fia, ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me.
The hands of the diligent ones shall rule, but laziness ends in slave labor.
25 Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi, ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame.
Anxiety in a man's heart weighs it down, but a kind word makes it glad.
26 Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.
A righteous person is cautious in friendship, but the way of the wicked leads them astray.
27 Kuviatɔ memea eƒe adelã o, ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo.
The slothful man doesn't roast his game, but the possessions of diligent men are prized.
28 Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me, makumaku le mɔ ma dzi.
In the way of righteousness is life; in its path there is no death.

< Lododowo 12 >