< Lododowo 11 >

1 Yehowa tsri nudanu amebatɔ, ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ.
A false balance is abomination to Yhwh: but a just weight is his delight.
2 Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu, ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ.
When pride cometh, then cometh shame: but with the lowly is wisdom.
3 Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo, ke nuteƒemawɔlawo la, woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo.
The integrity of the upright shall guide them: but the perverseness of transgressors shall destroy them.
4 Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.
Riches profit not in the day of wrath: but righteousness delivereth from death.
5 Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi.
The righteousness of the perfect shall direct his way: but the wicked shall fall by his own wickedness.
6 Ame dzɔdzɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo, ke didi vlowo zua mɔ ɖea nuteƒemawɔlawo.
The righteousness of the upright shall deliver them: but transgressors shall be taken in their own naughtiness.
7 Ne ame vɔ̃ɖi ku la, eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na, nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso eƒe ŋusẽ me la zua tofloko.
When a wicked man dieth, his expectation shall perish: and the hope of unjust men perisheth.
8 Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ.
The righteous is delivered out of trouble, and the wicked cometh in his stead.
9 Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee, ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me.
An hypocrite with his mouth destroyeth his neighbour: but through knowledge shall the just be delivered.
10 Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la, wodoa dzidzɔɣli.
When it goeth well with the righteous, the city rejoiceth: and when the wicked perish, there is shouting.
11 To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi, ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi.
By the blessing of the upright the city is exalted: but it is overthrown by the mouth of the wicked.
12 Ame manyanu doa vlo ehavi, ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe.
He that is void of wisdom despiseth his neighbour: but a man of understanding holdeth his peace.
13 Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya.
A talebearer revealeth secrets: but he that is of a faithful spirit concealeth the matter.
14 Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o, ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi.
Where no counsel is, the people fall: but in the multitude of counsellors there is safety.
15 Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu, ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie.
He that is surety for a stranger shall smart for it: and he that hateth suretiship is sure.
16 Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu, ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.
A gracious woman retaineth honour: and strong men retain riches.
17 Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui, gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii.
The merciful man doeth good to his own soul: but he that is cruel troubleth his own flesh.
18 Woxea fetu si me beble le la na ame vɔ̃ɖi, ke ame si ƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku la axa nu geɖe.
The wicked worketh a deceitful work: but to him that soweth righteousness shall be a sure reward.
19 Ame si nye dzɔdzɔetɔ vavã la, akpɔ agbe, ke ame si ti nu vɔ̃ɖi yome la yia eƒe ku me.
As righteousness tendeth to life: so he that pursueth evil pursueth it to his own death.
20 Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa, ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu.
They that are of a perverse heart are abomination to Yhwh: but such as are upright in their way are his delight.
21 Maka ɖe esia dzi na mi be, womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o, ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo.
Though hand join in hand, the wicked shall not be unpunished: but the seed of the righteous shall be delivered.
22 Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la, nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o.
As a jewel of gold in a swine’s snout, so is a fair woman which is without discretion.
23 Ame dzɔdzɔewo ƒe didiwo vaa eme na wo nyuie, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ wua nu le dziku me.
The desire of the righteous is only good: but the expectation of the wicked is wrath.
24 Ame ɖeka naa nu faa gake egakpɔa geɖe ɖe edzi, ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu gake ahe ko wòdana.
There is that scattereth, and yet increaseth; and there is that withholdeth more than is meet, but it tendeth to poverty.
25 Nu adze dzi na ame si na nu faa, ame si na amewo ƒe dzi dze eme la, woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme.
The liberal soul shall be made fat: and he that watereth shall be watered also himself.
26 Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi.
He that withholdeth wheat, the people shall curse him: but blessing shall be upon the head of him that selleth it.
27 Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim.
He that diligently seeketh good procureth favour: but he that seeketh mischief, it shall come unto him.
28 Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene.
He that trusteth in his riches shall fall: but the righteous shall flourish as a branch.
29 Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la, ya anye eƒe domenyinu eye bometsila anye subɔla na nunyala.
He that troubleth his own house shall inherit the wind: and the fool shall be servant to the wise of heart.
30 Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti, eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae.
The fruit of the righteous is a tree of life; and he that winneth souls is wise.
31 Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!
Behold, the righteous shall be recompensed in the earth: much more the wicked and the sinner.

< Lododowo 11 >