< Lododowo 10 >
1 Solomo ƒe lododowo: Ɖevi si nya nu la nana fofoa kpɔa dzidzɔ, ke ɖevi si tsi bome la hea nuxaxa vɛ na dadaa.
The proverbs of Solomon: A wise son brings joy to his father, but a foolish son grief to his mother.
2 Kesinɔnu si wokpɔ to mɔ fitifitiwo dzi la menye viɖe aɖeke o, gake dzɔdzɔnyenye ɖea ame tso ku me.
Ill-gotten treasures profit nothing, but righteousness brings deliverance from death.
3 Yehowa menaa dɔ wua ame dzɔdzɔewo o, ke egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe didiwo me.
The LORD does not let the righteous go hungry, but He denies the craving of the wicked.
4 Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ.
Idle hands make one poor, but diligent hands bring wealth.
5 Ame si ƒoa nukuwo nu ƒu le dzomeŋɔli la nye vi nyanu, ke ame si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi ŋukpenuwɔlae.
He who gathers in summer is a wise son, but he who sleeps during harvest is a disgraceful son.
6 Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me.
Blessings are on the head of the righteous, but the mouth of the wicked conceals violence.
7 Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã.
The memory of the righteous is a blessing, but the name of the wicked will rot.
8 Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo, ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.
A wise heart will receive commandments, but foolish lips will come to ruin.
9 Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me, ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi.
He who walks in integrity walks securely, but he who perverts his ways will be found out.
10 Ame si tea ŋku ɖe ame kple dziku la hea nuxaxa vɛ, eye bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.
He who winks the eye causes grief, and foolish lips will come to ruin.
11 Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo, ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ɖi ƒe nu me.
The mouth of the righteous is a fountain of life, but the mouth of the wicked conceals violence.
12 Fuléle hea mama vɛ, gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
Hatred stirs up dissension, but love covers all transgressions.
13 Nunya le nugɔmeselawo ƒe nuyi dzi, ke ameƒoti adze dzime na numanyalawo.
Wisdom is found on the lips of the discerning, but a rod is for the back of him who lacks judgment.
14 Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo, ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ.
The wise store up knowledge, but the mouth of the fool invites destruction.
15 Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye du si ŋu wotɔ glikpɔ sesẽ ɖo, ke hiãtɔwo ƒe ahedada nye woƒe gbegblẽ.
The wealth of the rich man is his fortified city, but poverty is the ruin of the poor.
16 Ame dzɔdzɔe ƒe dɔwɔfetu hea agbe vɛ nɛ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe viɖe hea tohehe vɛ nɛ.
The labor of the righteous leads to life, but the gain of the wicked brings punishment.
17 Ame si ɖo to amehehe la le agbemɔ fiam gake ame si gbea ɖɔɖɔɖo la kplɔa ame bubuwo tranae.
Whoever heeds instruction is on the path to life, but he who ignores reproof goes astray.
18 Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae.
The one who conceals hatred has lying lips, and whoever spreads slander is a fool.
19 Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae.
When words are many, sin is unavoidable, but he who restrains his lips is wise.
20 Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe le abe klosalo nyuitɔ ene, ke viɖe mele ame vɔ̃ɖi ƒe dzi ŋu o.
The tongue of the righteous is choice silver, but the heart of the wicked has little worth.
21 Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi hea nunyiame vɛ na ame geɖewo, gake bometsilawo kuna le simadzemadze ta.
The lips of the righteous feed many, but fools die for lack of judgment.
22 Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o.
The blessing of the LORD enriches, and He adds no sorrow to it.
23 Bometsila kpɔa dzidzɔ le nu tovo wɔwɔ ŋu, ke ame si sea nu gɔme la, nunyae nye eƒe dzidzɔ.
The fool delights in shameful conduct, but a man of understanding has wisdom.
24 Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le lae ava tui, ke nu si dim dzɔdzɔetɔ le la, eyae woanae.
What the wicked man dreads will overtake him, but the desire of the righteous will be granted.
25 Ne ahomya ƒo va yi la, ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, ke ame dzɔdzɔe ya anɔ te sesĩe ɖaa.
When the whirlwind passes, the wicked are no more, but the righteous are secure forever.
26 Abe ale si aha tsitsi nɔna na aɖu eye dzudzɔ nɔna na ŋku ene la, nenema kuviatɔ le na ame siwo dɔ dɔe.
Like vinegar to the teeth and smoke to the eyes, so is the slacker to those who send him.
27 Yehowavɔvɔ̃ nana agbe didina. Ke ame vɔ̃ɖi ƒe agbenɔƒewo le kpuie.
The fear of the LORD prolongs life, but the years of the wicked will be cut short.
28 Ame dzɔdzɔe ƒe viɖee nye dzidzɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua dzodzro.
The hope of the righteous is joy, but the expectations of the wicked will perish.
29 Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe, ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo.
The way of the LORD is a refuge to the upright, but destruction awaits those who do evil.
30 Womaho ame dzɔdzɔe la akpɔ gbeɖe o gake ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o.
The righteous will never be shaken, but the wicked will not inhabit the land.
31 Nunya dona tso dzɔdzɔetɔ la ƒe nu me, gake woalã alakpaɖe la ɖa.
The mouth of the righteous brings forth wisdom, but a perverse tongue will be cut out.
32 Ame dzɔdzɔe ƒe nuyiwo nya nya dzeto gbɔgblɔ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe nu gblɔa nya tovowo.
The lips of the righteous know what is fitting, but the mouth of the wicked is perverse.