< Filipitɔwo 4 >

1 Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me.
我亲爱的朋友们,你们对我很重要,让我如此快乐,所以我们坚定不移地与主同在!对我来说,你们就是我最高的成就!我真的很爱你们,很想见到你们!
2 Meɖe kuku na Ewodia, eye mele kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.
尤迪亚和顺都基——建议你们解决彼此之间的分歧,在主面前达成一致。
3 Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã.
事实上,我忠实的同事们,请你们帮助这些妇女,因为她们都在与我一起传播福音——还有克莱门特和我的其他同事,她们的名字就记录在生活之中。
4 Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!”
永远因与主同在而感到快乐——再说一遍,要感到快乐!
5 Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo.
每个人都应该知道你们的好意。主很快就会降临。
6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.
不要担心任何事情,要在祈祷中将一切交给上帝,向他解释你的需求,感谢他所做的一切。
7 Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.
那时候,就会获得超过你想象、上帝带给你的平安,保护你以正确的思想和态度与基督耶稣同在。
8 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.
最后,要去想那些真实的、尊贵的、正确的、纯洁的、美丽的、值得称道的事情,真正好的、值得表扬的事情。
9 Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi.
践行从我这里学到的一切,践行从我这里得到的一切,践行你看到我做的一切,践行听到我说的一切。届时,赐予平安的上帝会与你同在。
10 Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o.
感谢主,真高兴你们终于想起我了——我知道你们以前曾经很关心我,但对此却无法提供帮助。
11 Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye.
我并非在谈论我自己的需求,因为我已经学会了在任何情况下都要让自己感到满足。
12 Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me.
我习惯了一无所有,也曾拥有很多。在每一种可能的情况下,我都学会了如何面对富足和饥饿。对于富有和贫困的生活,我有一个秘诀:
13 Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.
凭借那让我坚强之人,我无所不能!
14 Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me.
即便如此,在我遇到麻烦的时候,很高兴你们能与我分享事。
15 Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko.
腓立比人请记住,在我开始分享福音时,当我离开马其顿时,你们是唯一为我提供经济帮助的教会。
16 Esi menɔ hiahiã me le Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi geɖe.
我在帖撒罗尼迦的时候,你们也曾帮助过我两次。
17 Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi.
我并非在寻找捐赠,而是为你们的“账户”增加“利润。”
18 Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu.
因为我所拥有的远超过自己需要的。很感激以巴弗提寄来的东西。它们就像是取悦上帝并获得其认可、散发扑鼻香气的祭品。
19 Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me.
上帝的荣耀财富就在耶稣基督之中,用你们需要的一切来满足你们!
20 Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. (aiōn g165)
荣耀归于我父上帝,直至永远。阿门。 (aiōn g165)
21 Medo gbe na ame kɔkɔewo le Yesu Kristo me. Nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi.
问候每一位与基督耶稣同在的信徒。与我同在的耶稣基督的兄弟姐妹向你们问好。
22 Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me.
所有的信徒都向你们问好,尤其是凯撒宫里的人们。
23 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.
愿主耶稣基督的恩典与你们的灵同在。

< Filipitɔwo 4 >