< Filipitɔwo 3 >

1 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedinɔnɔ.
总而言之:我亲爱的朋友们,以主为喜乐!向你重复这些话,对我来说不是负担,这是为了保护你的安全!
2 Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã,
小心那些狗!警惕那些做坏事的人!小心那些切割身体之人!
3 elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o,
因为我们真正行了割礼,我们借着神的灵敬拜, 将我们的信心寄托于耶稣基督。我们对人的能力没有信心——
4 evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui,
如果有一种方法可以去依靠人性,我自己就可以获得这样的信心!如果有人认为,他们有信心可以拥有这样的人性,那么我就可以超越他们:
5 elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ kple Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye.
我在第八天受了割礼,是便雅悯支派的以色列人,一个真正的希伯来人。在遵守律法方面,我是法利赛人;
6 Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye.
说到宗教奉献,我曾是教会的破坏者;在依法行事上,我无可指责!
7 Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu, eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Kristo ɖeka ko.
但无论我以何种方式获得任何好处,我都认为这是基督的损失。
8 Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi,
确实,我把一切都视为损失,它让我通过认识我主基督耶稣获得令人难以置信的益处。我会为了他而丢掉这一切,把它们视为垃圾,我通过这种方式才拥有基督。
9 eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu.
我希望与他同在,并非因为我做了什么或律法所说的正确,而是通过相信基督而实现正直善良,通过对他的信任而被上帝视为正直善良。
10 Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme.
我想真正了解他,以及他死而复生的能力——体验他的苦难,在他的死亡中变得像他一样,
11 Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me la dometɔ ɖeka.
好让我经历最终的复活!
12 Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.
并不是说我已经拥有一切,或者我已经很完美——但我奔跑的目的,是为赢得基督耶稣为我获得的一切。
13 Nɔvi lɔlɔ̃awo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔnye la gbɔ.
我的朋友们,我不认为我已经赢得,但这是我的一个目标:不顾身后发生什么,努力向前看。
14 Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome.
我奔向终点线,是为了赢得上帝通过基督耶稣邀请我进入天堂的奖品。
15 Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la, míakpɔ nu siawoe. Ke ne miaƒe susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia mi.
灵性成熟的人应该这样想,如果你有什么不同的想法,上帝会向你展示这一点,
16 Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.
我们只需确保遵循所了解的一切即可。
17 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu, eye mialé ŋku ɖe ame siwo nɔa agbe ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi la nu.
我的朋友们,像其他人一样,按照我的榜样行事,注意我们的行为方式,因为你们需要以我们为榜样。
18 Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo.
有些人因其生活方式而与基督的十字架为敌——正如我以前经常告诉你们的那样,在此我再重复一遍,尽管这让我非常痛苦,让我想要放声痛哭。
19 Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu.
他们最终会完全迷失,这些人的“上帝”只是其肉体欲望,本事应该让他们感到羞耻的事情,他们却引以为豪。他们只考虑今世的事情。
20 Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava,
但我们的祖国是天堂,我们也在等待救世主——主耶稣基督,从那里降临。
21 ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.
他会重新创造我们有缺陷的身体,让我们的身体像他那荣耀的身体一样,可以运用他那样掌控一切的力量。

< Filipitɔwo 3 >