< Filemon 1 >
1 Agbalẽ sia tso nye, Paulo si le ga me ɖe Kristo Yesu ta kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ, Na Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla
キリスト、イエズスの囚人たるパウロ及び兄弟チモテオ、我等が愛する所の助力者フィレモン、最愛の姉妹たるアッピア、戰友たるアルキッポ、
2 kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kple hame si kpea ta le aƒewò me.
及び汝の家に在る教會に[書簡を贈る]。
3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.
願はくは我父にて在す神、及び主イエズス、キリストより、恩寵と平安とを汝等に賜はらん事を。
4 Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò,
我は神に感謝し奉り、我祈の中に常に汝を記念し、主イエズス、キリストに於る、
5 elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kple ame kɔkɔeawo katã ŋu.
又凡ての聖徒に對する汝の愛と信仰とを聞きて、
6 Nye gbedodoɖae nye be nàtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nàse nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo.
キリスト、イエズスに對して我等の中に在る善業の悉く知渡れる事によりて、汝が信仰の施の有効ならん事を冀ふ。
7 Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem, elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me.
兄弟よ、聖徒等の腸汝によりて安んぜられたるが故に、我は汝の愛に就きて大いなる喜と慰とを得たり。
8 Eya ta togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si dze be nàwɔ hã la,
然ればキリスト、イエズスに於て、事に應じて為すべき所を命ずるは、我が敢て憚らざる所なりと雖も、
9 medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo, amegãxoxo kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ
寧愛に對して勧め、斯の如くなる我、即ち老人にして而も現にイエズス、キリストの囚人たるパウロ、
10 mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii.
鎖に在りて生みし所の我子オネジモの為に汝に希ふ。
11 Tsã la, ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la, etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa.
彼は曾て汝に無益なりしかど、今は我にも汝にも有益なり、
12 Mele etrɔm ɖo ɖe wò, eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖe wò kplii.
我は之を汝に送返す、願はくは汝我腸の如くに之を受けん事を。
13 Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi.
我は彼をして、汝に代りて福音の為に鎖に繋がるる我に仕へしむる様、我と共に留らしめん事を欲したれど、
14 Ke nyemedi be mawɔ nenema ne mèlɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nànyo dɔ me nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye.
汝に聞かずしては何事をも為すを好まざりき。是汝の善業をして、已むを得ざるが如くならず、篤志に由らしめんが為なり。
15 Ɖewohĩ, anyo be nàbu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, wòazu tɔwo tegbee. (aiōnios )
彼が一時汝を離れしは、或は汝が永遠に之を受けて、 (aiōnios )
16 Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu, eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla le ŋutilã me ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Aƒetɔ la me hã.
最早奴隷としてには非ず、奴隷に優りて至愛の兄弟と成さん為には非ずや。我には、殊に然ある者なれば、况て汝に取りては、肉身に於ても主に於ても然らん。
17 Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò.
然れば汝若我を友とせば、彼を承容るる事我に於るが如くせよ。
18 Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye.
彼若汝に損害を與へ、或は負債あらば、之を我に負はせよ。
19 Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nènyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye!
我パウロ手づから書記せり、我必ず償ふべし。汝が己を以て我に償ふべき負債ある事は、我之を言はじ。
20 Ɛ̃, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nanye viɖe nam le Aƒetɔ la me, ekema nye dzi agbɔ ɖe eme le Kristo me.
然り、兄弟よ、我は主に於て汝を樂しまん、請ふ主に於て我腸を安んぜしめよ。
21 Meŋlɔ agbalẽ sia na wò, elabena meka ɖe edzi be àwɔ nam wu ale si mebia gɔ̃ hã!
我汝の從順を信じ、其為さんとする所は我が言ふ所に優れるを知りて、汝に書贈れるなり。
22 Meɖe kuku be nàdi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be Mawu ase miaƒe gbedodoɖa, eye woana mava mia gbɔ kpuie.
然て同時に我為に宿を備へよ、蓋我は我身の、汝等の祈によりて汝等に與へられん事を希望す。
23 Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒãɖeɖe Kristo Yesu ta la do gbe na mi.
キリスト、イエズスに在りて我と共に囚人たるエパフラ、汝に宜しくと言へり。
24 Marko, Aristako, Dema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.
我助力者たるマルコ、アリスタルコ、デマス、ルカも亦同じ。
25 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.
願はくは我主イエズス、キリストの恩寵、汝等の霊と共に在らん事を、アメン。