< Mose 4 1 >

1 Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be,
エジプトの國を出たる次の年の二月の一日にヱホバ、シナイの野に於て集會の幕屋の中にてモーセに告て言たまはく
2 “Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu.
汝等イスラエルの子孫の全會衆の惣數をその宗族に依り其父祖の家に循ひて核べその諸の男丁の名の數と頭數とを得よ
3 Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo.
すなはちイスラエルの中凡て二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る者を汝とアロンその軍旅にしたがひて數ふべし
4 Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò.
また諸の支派おのおのその父祖の家の長たる者一人を出して汝等とともならしむべし
5 “Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye: “Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me.
汝らとともに立べき人々の名は是なり即ちルベンよりはシデウルの子エリヅル
6 Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me.
シメオンよりはツリシヤダイの子シルミエル
7 Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me.
ユダよりはアミナダブの子ナシヨン
8 Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me.
イツサカルよりはツアルの子ネタニエル
9 Eliab, Helon ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me.
ゼブルンよりはヘロンの子エリアブ
10 Yosef ƒe viwo tɔwoe nye: Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me kple Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me,
ヨセフの子等の中にてはエフライムよりはアミホデの子エリシヤマ、マナセよりはバダヅルの子ガマリエル
11 Abidan, Gideon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me,
ベニヤミンよりはギデオニの子アビダン
12 Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me,
ダンよりはアミシヤダイの子アヒエゼル
13 Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me,
アセルよりはオクランの子バギエル
14 Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me,
ガドよりはデウエルの子エリアサフ
15 Ahira, Enan ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.”
ナフタリよりはエナンの子アヒラ
16 Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo.
是等は會衆の中より選み出されし者にてその父祖の支派の牧伯またイスラエルの千人の長なり
17 Le gbe ma gbe ke la, Mose kple Aron kple ŋutsu wuieve siwo wotia la
かくてモーセとアロンここに名を擧たる人々を率領て
18 yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu le dzinu evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woŋlɔ ameawo katã ƒe ŋkɔ ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Woŋlɔ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la ƒe ŋkɔwo, eye woxlẽ wo
二月の一日に會衆をことごとく集めければ彼等その宗族に循ひその父祖の家にしたがひその名の數にしたがひて自分の出生を述たりかく二十歳以上の者ことごとく核へらる
19 abe ale si Yehowa de se ene. Mose wɔ ŋkɔŋɔŋlɔ sia le Sinai gbegbe.
ヱホバの命じたまひしごとくモーセ、シナイの野にて彼等を核數たり
20 Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu.
すなはちイスラエルの長子ルベンの子等より生れたる者をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるに其名の數に依りその頭數によれば
21 Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃.
ルベンの支派の中にその核數られし者四萬六千五百人ありき
22 Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu.
またシメオンの子等より生れたる者等をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數に依りその頭數に依ば
23 Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃.
シメオンの支派の中にその核數られし者五萬九千三百人ありき
24 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple woƒe aƒewo nu.
またガドの子等より生れたる者をその宗族に依りその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭に出るに勝る男丁を數へたるにその名の數に依れば
25 Ame siwo wotia, xlẽ le Gad ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃.
ガドの支派の中にその核數られし者四萬五千六百五十人ありき
26 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
ユダの子等より生れたる者をその宗族に依りその父祖の家に循ひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數に依れば
27 Ame siwo wotia, xlẽ le Yuda ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade.
ユダの支派の中にその核數られし者七萬四千六百人ありき
28 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Isaka ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
イツサカルの子等より生れたる者をその宗族に依りその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭に出るに勝る男丁を數へたるにその名の數に依ば
29 Ame siwo wotia, xlẽ le Isaka ƒe to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene.
イツサカルの支派の中にその核數られし者五萬四千四百人ありき
30 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
ゼブルンの子等より生れたる者をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數によれば
31 Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene.
ゼブルンの支派の中に其核數られし者五萬七千四百人ありき
32 Yosef ƒe viwo tɔe nye esi: Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Efraim ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
ヨセフの子等の中エフライムの子等より生れたる者をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數に依ば
33 Ame siwo wotia, xlẽ le Efraim ƒe to la me le ame akpe blaene, alafa atɔ̃.
エフライムの支派の中にその核數られし者四萬五百人ありき
34 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
又マナセの子等より生れたる者をその宗族に依りその父祖の家に循ひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數に依ば
35 Ame siwo wotia, xlẽ le Manase ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve.
マナセの支派の中にその核數られし者三萬二千二百人ありき
36 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
ベニヤミンの子等より生れたる者をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數によれば
37 Ame siwo wotia, xlẽ le Benyamin ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene.
ベニヤミンの支派の中にその數へられし者三萬五千四百人ありき
38 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
ダンの子等より生れたる者をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數によれば
39 Ame siwo wotia, xlẽ le Dan ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-eve, alafa adre.
ダンの支派の中にその核數られし者六萬二千七百人ありき
40 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
アセルの子等より生れたる者をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數によれば
41 Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃.
アセルの支派の中にその核數られし者四萬一千五百人ありき
42 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu.
ナフタリの子等より生れたる者をその宗族によりその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁を數へたるにその名の數によれば
43 Ame siwo wotia, xlẽ le Naftali to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ alafa ene.
ナフタリの支派の中にその數へられし者五萬三千四百人ありき
44 Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka
是すなはちその核數られし者にしてモーセとアロンとイスラエルの牧伯等の數ふる所是のごとしその牧伯等は十二人にして各々その父祖の家のために出たるなり
45 Eye wotia Israelviwo katã xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Israel.
斯イスラエルの子孫をその父祖の家にしたがひて核べ二十歳以上にして戰爭にいづるに勝る男丁をイスラルの中に數へたるに
46 Ame siwo katã wotia, xlẽ la le ame akpe alafa ade vɔ etɔ̃, alafa atɔ̃, blaatɔ̃.
其核數られし者都合六十萬三千五百五十人ありき
47 Ke womexlẽ Levi ƒe viwo ƒe ƒomewo kple aƒewo kpe ɖe wo ŋuti o.
但しレビの支派の人はその父祖にしたがひて核數らるること無りき
48 Elabena Yehowa gblɔ na Mose be,
即ちヱホバ、モーセに告て言たまひけらく
49 “Ɖe Levi ƒe viwo katã ɖa le amexexlẽ sia me, eye mègabu wo kpe ɖe Israelvi bubuwo ƒe xexlẽme ŋu o,
惟レビの支派のみは汝これを核數べからずまたその總數をイスラエルの子孫とともに計ふべからざるなり
50 elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ,
なんぢレビ人をして律法の幕屋とその諸の器具と其に屬する諸の物を管理らしむべし彼等はその幕屋とその諸の器具を運搬ぶことを爲しまたこれが役事を爲し幕屋の四圍にその營を張べし
51 eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku.
幕屋を移す時はレビ人これを折卸し幕屋を立る時はレビ人これを組たつべし外人のこれに近く者は殺さるべし
52 Israelviwo ƒe to vovovoawo aƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo, ɖe sia ɖe kple eƒe aflaga tɔxɛ
イスラエルの子孫はその軍旅に循ひて各々自己の營にその天幕を張り各人その隊の纛の下に天幕を張べし
53 Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.”
然どレビ人は律法の幕屋の四圍に營を張べし是イスラエルの子孫の全會衆の上に震怒のおよぶことなからん爲なりレビ人は律法の幕屋をあづかり守るべし
54 Ale Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ.
是においてイスラエルの子孫ヱホバのモーセに命じたまひしごとくに凡て爲し斯おこなへり

< Mose 4 1 >