< Mose 4 9 >

1 Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be,
The Lord spoke to Moses in the Sinai desert in the first month of the second year after Israel had left Egypt. He told him,
2 “Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi.
“The Israelites are to keep the Passover at its designated time.
3 Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.”
Observe it at the time required—in the evening after sunset on the fourteenth day of this month, and do so in accordance with its rules and regulations.”
4 Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la,
Moses told the Israelites to observe the Passover.
5 eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
So they kept the Passover in the Sinai desert, beginning in the evening after sunset on the fourteenth day of the first month. The Israelites followed all the instructions the Lord had given to Moses.
6 Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe,
However, there were some men who were unclean because they had been contact with a dead body, so they could not keep the Passover on that day. They went to see Moses and Aaron the same day
7 eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?”
and explained to Moses, “We are unclean because of a dead body, but why should that mean we're prevented from giving our offering to the Lord with the other Israelites at the appropriate time?”
8 Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti.
“Stay here while I find out what the Lord's instructions are concerning you,” Moses responded.
9 Yehowa ƒe nyametsotsoe nye:
The Lord told Moses,
10 “Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe,
“Tell the Israelites: ‘If you or your descendants are unclean because of a dead body, or are away traveling, you can still keep the Lord's Passover.
11 le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve.
You are to observe it in the evening after sunset on the fourteenth day of the second month. You are to eat the lamb with the bread made without yeast, and the bitter herbs.
12 Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ.
You must not leave any of it until the following morning and you must not break any of its bones. You must observe the Passover according to all the regulations.
13 “Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi.
However, anyone ceremonially clean and not away traveling who neglects to observe the Passover must be expelled from their people, because they didn't present the Lord's offering at the appropriate time. They will bear the responsibility for the consequences of their sin.
14 Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.”
Any foreigners living among you who want to observe the Lord's Passover can do so following the Passover rules and regulations. The same rules apply to the foreigners as they do to you.’”
15 Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me.
The cloud covered the Tent of the Testimony (the Tabernacle) on the day that it was set up, and looked like fire above it from evening until the morning.
16 Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me.
It was always like this. The cloud covered the Tabernacle during the day and at night it looked like fire.
17 Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma.
When the cloud rose from over the Tent, the Israelites would move on, and where the cloud stopped, the Israelites would set up camp there.
18 Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma.
The Israelites moved on when the Lord told them to, and set up camp when the Lord told them to. While the cloud stayed over the Tabernacle, they remained camped there.
19 Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo.
Even if the cloud didn't move for a long time, the Israelites did what the Lord told them and didn't move on.
20 Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ.
Sometimes the cloud only stayed over the Tabernacle for a few days. As always they followed the Lord's command as to whether to camp or to move on.
21 Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ.
Sometimes the cloud only stayed overnight, so when it rose in the morning they would move on. Whenever the cloud rose, day or night, they would leave.
22 Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ.
If the cloud stayed in one place for two days, or a month, or longer, the Israelites stayed where they were and didn't leave as long as the cloud remained over the Tabernacle. However, once it rose, they would leave.
23 Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu.
They camped when the Lord told them to, and left when he told them to. They followed the Lord's instructions that he gave to Moses.

< Mose 4 9 >