< Mose 4 8 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
Jehova Nyasaye nowacho ne Musa niya,
2 “Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’”
“Wuo gi Harun kendo iwachne kama: ‘Ka iketo teyni abiriyo kuonde mowinjore, to nyaka ler margi meny nyim rachung taya.’”
3 Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu.
Harun notimo kamano; noketo teyni kuonde mowinjore ka gimenyo nyim rachung taya, mana kaka Jehova Nyasaye nosechiko Musa.
4 Wotsɔ sika wɔ akaɖiti la kple seƒoƒowo ɖe akaɖiti la ƒe zɔ kple alɔdzeawo ŋu. Wowɔ akaɖitiawo abe ale si Yehowa fia Mose ene.
Ma e kaka rachung taya nolosi: Nolose gi dhahabu mothedhi chakre e bwoye nyaka wiye malo. Rachung taya nolosi mana kaka ranyisi mane Jehova Nyasaye osenyiso Musa.
5 Yehowa gblɔ na Mose be,
Jehova Nyasaye nowacho ne Musa niya,
6 “Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi.
“Wal jo-Lawi e kind jo-Israel mamoko kendo pwodhgi gibed maler.
7 Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe.
Kipwodhogi, to itim kama: Kwo pi mipwodhogigo kuomgi; bangʼe giliel yie dendgi duto kendo giluok lepgi, eka gibed joma opwodhi.
8 Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ.
Nyisgi gikaw nyarwath kaachiel gi misango mar cham mar mogo mayom moru gi mo; bangʼe ikaw nyarwath matin mar ariyo kaka misango mar golo richo.
9 Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu.
Kel jo-Lawi e nyim Hemb Romo kendo ichok oganda duto mar dhood Israel.
10 Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi,
Nyaka ikel jo-Lawi e nyim Jehova Nyasaye, mondo jo-Israel nyaka oyie lwetgi kuomgi.
11 ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me.
Harun nyaka kel jo-Lawi e nyim Jehova Nyasaye kaka misango mifwayo koa kuom jo-Israel, mondo omi gibed moikore ne tij Jehova Nyasaye.
12 “Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu.
“Bangʼ ka jo-Lawi oseketo lwetgi ewi rwedhigo, to chiw achiel kuomgi ne Jehova Nyasaye kaka misango mar golo richo, to machielo chiw kaka misango miwangʼo pep mipwodhogo jo-Lawi mondo ngʼwon-nigi.
13 Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene!
Ket jo-Lawi ochungʼ e nyim Harun kod yawuote bangʼe ichiwgi kaka misango mifwayo ne Jehova Nyasaye.
14 Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye.
Ma e kaka onego iwal jo-Lawi e kind jo-Israel mamoko mondo obed maga.
15 “Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ.
“Bangʼ ka isepwodho jo-Lawi kendo ichiwogi kaka misango mifwayo, to nyaka gibi mondo gitim tijgi e Hemb Romo.
16 Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene.
Gin e jo-Israel manyaka chiw chuth ne an. Asekawogi kaka meka awuon e lo kayo ma en nyodo mokwongo ma wuowi mar ja-Israel.
17 Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã.
Nyathi moro amora ma wuowi mokwongo ma ja-Israel bed ni en dhano kata chiayo, en mara. Kane anego kayo duto man Misri, ne awalogi gibedo maga.
18 Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe.
Bende aseketo jo-Lawi duto obedo e lo yawuowi makayo e Israel.
19 Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.”
Kuom jo-Israel duto, asechiwo jo-Lawi kaka mich ne Harun gi yawuote mondo giti tij lemo e Hemb Romo e lo jo-Israel kendo mondo gikelnegi resruok kuom masira manyalo mako jo-Israel ka gisudo machiegni gi kama ler mar lemo.”
20 Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu.
Musa gi Harun kod oganda jo-Israel duto notimone jo-Lawi gigo duto mane Jehova Nyasaye ochiko Musa.
21 Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti.
Jo-Lawi nopwodhore giwegi kendo negiluoko lepgi. Bangʼ mano Harun nochiwogi e nyim Jehova Nyasaye kaka misango mifwayo mi notimonegi misango mondo opwodhgigo.
22 Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu.
Bangʼ mano, jo-Lawi nobiro tiyo tijgi e Hemb Romo kotelnegi gi Harun kod yawuote. Negitimone jo-Lawi mana kaka Jehova Nyasaye nochiko Musa.
23 Yehowa gblɔ na Mose be,
Jehova Nyasaye nowacho ne Musa niya,
24 “Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ.
“Ma e kaka jo-Lawi biro tiyo: Joma chwo mahikgi piero ariyo gabich kata moloyo kanyo nobi mondo obed achiel kuom jotich e Hemb Romo,
25 Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o.
to ka giromo higni piero abich, to giniwe tich.
26 Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.”
Ginyalo konyo owetegi e tije mag Hemb Romo, to gin giwegi ok onego gimul tich moro amora. Ma e kaka ibiro pogo tije ne jo-Lawi.”

< Mose 4 8 >