< Mose 4 7 >

1 Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti.
モーセが幕屋を建て終り、これに油を注いで聖別し、またそのすべての器、およびその祭壇と、そのすべての器に油を注いで、これを聖別した日に、
2 Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo.
イスラエルのつかさたち、すなわち、その父祖の家の長たちは、ささげ物をした。彼らは各部族のつかさたちであって、その数えられた人々をつかさどる者どもであった。
3 Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ.
彼らはその供え物を、主の前に携えてきたが、おおいのある車六両と雄牛十二頭であった。つかさふたりに車一両、ひとりに雄牛一頭である。彼らはこれを幕屋の前に引いてきた。
4 Eye Yehowa gblɔ na Mose be,
その時、主はモーセに言われた、
5 “Xɔ woƒe nu siawo be woatsɔ wo awɔ agbadɔ la ŋuti dɔwoe. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo abe ale si ame sia ame ƒe dɔ hiã lae ene.”
「あなたはこれを会見の幕屋の務に用いるために、彼らから受け取って、レビびとに、おのおのその務にしたがって、渡さなければならない」。
6 Ale Mose tsɔ tasiaɖamwo kple nyitsuawo na Levi ƒe viwo.
そこでモーセはその車と雄牛を受け取って、これをレビびとに渡した。
7 Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson ƒe viwo,
すなわち、ゲルションの子たちには、その務にしたがって、車二両と雄牛四頭を渡し、
8 eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari ƒe viwo, ame siwo nɔ Itamar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
メラリの子たちには、その務にしたがって車四両と雄牛八頭を渡し、祭司アロンの子イタマルに、これを監督させた。
9 Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta.
しかし、コハテの子たちには、何をも渡さなかった。彼らの務は聖なる物を、肩にになって運ぶことであったからである。
10 Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ.
つかさたちは、また祭壇に油を注ぐ日に、祭壇奉納の供え物を携えてきて、その供え物を祭壇の前にささげた。
11 Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.”
主はモーセに言われた、「つかさたちは一日にひとりずつ、祭壇奉納の供え物をささげなければならない」。
12 Ale Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me tsɔ eƒe nunanawo vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzi.
第一日に供え物をささげた者は、ユダの部族のアミナダブの子ナションであった。
13 Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
14 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
また十シケルの金の杯一つ。これには薫香を満たしていた。
15 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
16 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
17 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiae nye Aminadab ƒe vi, Nahson ƒe vɔsa.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはアミナダブの子ナションの供え物であった。
18 Esi ŋu ke la, Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, Isaka ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第二日にはイッサカルのつかさ、ツアルの子ネタニエルがささげ物をした。
19 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaeve kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
そのささげた供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
20 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo si yɔ banaa kple dzudzɔdonu,
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
21 kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
22 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
23 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはツアルの子ネタニエルの供え物であった。
24 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Helon ƒe viŋutsu, Zebulon ƒe to la kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第三日にはゼブルンの子たちのつかさ、ヘロンの子エリアブ。
25 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
26 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
27 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
28 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
29 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはヘロンの子エリアブの供え物であった。
30 Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, Ruben ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第四日にはルベンの子たちのつかさ、シデウルの子エリヅル。
31 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ-vɔ-ɖekɛ kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
32 sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
33 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
34 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
35 Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはシデウルの子エリヅルの供え物であった。
36 Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第五日にはシメオンの子たちのつかさ、ツリシャダイの子シルミエル。
37 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
38 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
39 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
40 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
41 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはツリシャダイの子シルミエルの供え物であった。
42 Le ŋkeke adea gbe la, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, Gad ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第六日にはガドの子たちのつかさ、デウエルの子エリアサフ。
43 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
44 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
45 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
46 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
47 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはデウエルの子エリアサフの供え物であった。
48 Le ŋkeke adrea gbe la, Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, Efraim ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第七日にはエフライムの子たちのつかさ、アミホデの子エリシャマ。
49 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
50 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
51 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
52 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
53 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはアミホデの子エリシャマの供え物であった。
54 Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, Manase ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第八日にはマナセの子たちのつかさ、パダヅルの子ガマリエル。
55 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
56 sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
57 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
58 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
59 Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはパダヅルの子ガマリエルの供え物であった。
60 Le ŋkeke asiekɛa gbe la, Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, Benyamin ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第九日にはベニヤミンの子らのつかさ、ギデオニの子アビダン。
61 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
62 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
63 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
64 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
65 Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはギデオニの子アビダンの供え物であった。
66 Le ŋkeke ewoa gbe la, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, Dan ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第十日にはダンの子たちのつかさ、アミシャダイの子アヒエゼル。
67 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
68 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
69 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
70 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
71 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはアミシャダイの子アヒエゼルの供え物であった。
72 Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, Aser ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
第十一日にはアセルの子たちのつかさ、オクランの子パギエル。
73 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
74 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
75 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
76 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
77 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭、雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはオクランの子パギエルの供え物であった。
78 Le ŋkeke wuievea gbe la, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, Naftali ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ nunanawo vɛ.
第十二日にはナフタリの子たちのつかさ、エナンの子アヒラ。
79 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba kple ze la me;
その供え物は銀のさら一つ、その重さは百三十シケル、銀の鉢一つ、これは七十シケル、共に聖所のシケルによる。この二つには素祭に使う油を混ぜた麦粉を満たしていた。
80 sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
また十シケルの金の杯一つ、これには薫香を満たしていた。
81 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
また燔祭に使う若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊一頭。
82 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
罪祭に使う雄やぎ一頭。
83 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛二頭。雄羊五頭、雄やぎ五頭、一歳の雄の小羊五頭であって、これはエナンの子アヒラの供え物であった。
84 Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye: klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve.
以上は祭壇に油を注ぐ日に、イスラエルのつかさたちが、祭壇を奉納する供え物として、ささげたものである。すなわち、銀のさら十二、銀の鉢十二、金の杯十二。
85 Klosalogbawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã, eye klosalogbaawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã; wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram blaeve-vɔ-adre kple afã;
銀のさらはそれぞれ百三十シケル、鉢はそれぞれ七十シケル、聖所のシケルによれば、この銀の器は合わせて二千四百シケル。
86 sikanutɔgba wuieve siwo dzudzɔdonu yɔ banaa, nutɔgba ɖeka ƒe kpekpemee nye gram blaeve-vɔ-enyi, wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã.
また薫香の満ちている十二の金の杯は、聖所のシケルによれば、それぞれ十シケル、その杯の金は合わせて百二十シケルであった。
87 Lã siwo katã wotsɔ vɛ hena numevɔsa la le nyi wuieve, agbo wuieve, agbovi wuieve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsanuwo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve siwo woatsɔ awɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsae.
また燔祭に使う雄牛は合わせて十二、雄羊は十二、一歳の雄の小羊は十二、このほかにその素祭のものがあった。また罪祭に使う雄やぎは十二。
88 Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi.
酬恩祭の犠牲に使う雄牛は合わせて二十四、雄羊は六十、雄やぎは六十、一歳の雄の小羊は六十であって、これは祭壇に油を注いだ後に、祭壇奉納の供え物としてささげたものである。
89 Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.
さてモーセは主と語るために、会見の幕屋にはいって、あかしの箱の上の、贖罪所の上、二つのケルビムの間から自分に語られる声を聞いた。すなわち、主は彼に語られた。

< Mose 4 7 >