< Mose 4 5 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
And Jehovah spoke to Moses, saying,
2 “Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me.
Command the sons of Israel, that they put out of the camp every leper, and every man who has an issue, and whoever is unclean about life.
3 Woawɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nenema. Miɖe wo ɖa ale be womagblẽ kɔ ɖo na asaɖa la, afi si mele le mia dome la o.”
Ye shall put out both male and female. Ye shall put them outside the camp, that they not defile their camp, in the midst of which I dwell.
4 Ale Israelviwo wɔ Yehowa ƒe se la dzi eye woɖe ame siawo katã ɖa le asaɖa la me.
And the sons of Israel did so, and put them outside the camp. As Jehovah spoke to Moses, so did the sons of Israel.
5 Yehowa gblɔ na Mose be,
And Jehovah spoke to Moses, saying,
6 “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu da vo ɖe ame aɖe ŋu le mɔ aɖe nu eye wòto nu ma me meɖi anukware na Yehowa o la, ame ma ɖi fɔ.
Speak to the sons of Israel, When a man or woman shall commit any sin that men commit, so as to trespass against Jehovah, and that soul shall be guilty,
7 Ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me eye wòaxe fe ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Gawu la, agbugbɔ nu la na nutɔ eye wòagatsɔ nu la ƒe home akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee na nutɔ la.
then he shall confess his sin which he has done. And he shall make restitution for his guilt in full, and add to it the fifth part of it, and give it to him in respect of whom he has been guilty.
8 Ke ne ame si ŋu wòwɔ nu vɔ̃ ɖo la ku eye eƒe ƒometɔ gobii aɖeke meli wòaxe fea na o la, ekema axee na Yehowa to nunɔla dzi eye wòagana alẽ ɖeka hena avuléle.
But if the man has no kinsman to whom restitution may be made for the guilt, the restitution for guilt which is made to Jehovah shall be the priest's, besides the ram of the atonement, by which atonement shall be made for him.
9 Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si Israelviwo atsɔ vɛ na nunɔla aɖe la, anye nunɔlaa tɔ.
And every heave offering of all the holy things of the sons of Israel, which they present to the priest, shall be his.
10 Ame sia ame ƒe nu kɔkɔewo nye eya ŋutɔ tɔ, ke esi wòatsɔ na nunɔla la, anye nunɔla la tɔ.’”
And every man's hallowed things shall be his. Whatever any man gives the priest, it shall be his.
11 Eye Yehowa gblɔ na Mose be,
And Jehovah spoke to Moses, saying,
12 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ tra mɔ, meɖi anukware nɛ o,
Speak to the sons of Israel, and say to them, If any man's wife goes aside, and commits a trespass against him,
13 eye ŋutsu bubu de asi eŋu, nu sia le ɣaɣla ɖe srɔ̃a, eye womenya be egblẽ kɔ ɖo o (elabena ɖasefo aɖeke meli ɖe eŋu o, eye womelée asiasi o),
and a man lies with her carnally, and it be hid from the eyes of her husband, and be kept close, and she be defiled, and there be no witness against her, and she is not taken in the act,
14 ne ŋutsu la le ŋu ʋãm, eye wòbu be ye srɔ̃ gblẽ kɔ ɖo, alo ne eʋã ŋu togbɔ be srɔ̃a megblẽ kɔ ɖo o hã la,
and the spirit of jealousy comes upon him, and he be jealous of his wife, and she be defiled, or if the spirit of jealousy comes upon him, and he be jealous of his wife, and she is not defiled,
15 ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe.
then the man shall bring his wife to the priest, and shall bring her oblation for her, the tenth part of an ephah of barley meal. He shall pour no oil upon it, nor put frankincense on it, for it is a meal offering of jealousy, a meal offering of memorial, bringing iniquity to remembrance.
16 “‘Nunɔla la akplɔ nyɔnu la ayi Yehowa ŋkume,
And the priest shall bring her near, and set her before Jehovah.
17 aku tsi kɔkɔe ɖe anyikplu aɖe me, eye wòaku agbadɔ la me ke akɔ ɖe tsi la me.
And the priest shall take holy water in an earthen vessel. And the priest shall take of the dust that is on the floor of the tabernacle, and put it into the water.
18 Ne nunɔla la na nyɔnu la tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume vɔ la, akaka ɖa ɖe ta na nyɔnu la, atsɔ ŋkuɖodzivɔsa kple nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã ade nyɔnu la ƒe asi me. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi.
And the priest shall set the woman before Jehovah, and let the hair of the woman's head go loose, and put the meal offering of memorial in her hands, which is the meal offering of jealousy. And the priest shall have in his hand the water of bitterness that causes the curse.
19 Nunɔla la ana nyɔnu la naka atam, eye wòagblɔ nɛ be, “Ne ŋutsu bubu aɖeke medɔ kpli wò o, ne mèda afɔ, hegblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò esi nèle atsuƒe na srɔ̃wò o la, ekema tsi veve sia, si hea fiƒode vaa ame dzi la, megagblẽ nu le ŋutiwò o.
And the priest shall cause her to swear, and shall say to the woman, If no man has lain with thee, and if thou have not gone aside to uncleanness, being under thy husband, be thou free from this water of bitterness that causes the curse.
20 Ke ne èda afɔ esime nèle srɔ̃wò gbɔ, nègblẽ kɔ ɖo, eye ŋutsu bubu, ame si menye srɔ̃wò o la de asi ŋuwò la,”
But if thou have gone aside, being under thy husband, and if thou are defiled, and some man has lain with thee besides thy husband,
21 ekema nunɔla la aka atam agblɔ fiƒodenyawo na nyɔnu la be, “Yehowa nana wò amewo naƒo fi ade wò, eye woagbe nu le gbɔwò; nena be wò ataŋuyi naflo ɖa, eye ƒo nadzi ɖe nuwò.
then the priest shall cause the woman to swear with the oath of cursing, and the priest shall say to the woman, Jehovah make thee a curse and an oath among thy people when Jehovah makes thy thigh to fall away, and thy body to swell.
22 Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na wò ale be wò ƒodo nate ɖe nuwò, eye wò ataŋuyi naflo ɖa.” “‘Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, “Amen, neva eme nenema.”
And this water that causes the curse shall go into thy bowels, and make thy body to swell, and thy thigh to fall away. And the woman shall say, Truly, Truly.
23 “‘Ekema nunɔla la aŋlɔ fiƒode siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpala nuŋɔŋlɔ la ɖe tsi veve la me.
And the priest shall write these curses in a book, and he shall blot them out into the water of bitterness.
24 Nunɔla la ana nyɔnu la nano tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi sia age ɖe eƒe lãme, eye wòana fukpekpe kple vevesese nava eya amea dzi.
And he shall make the woman drink the water of bitterness that causes the curse. And the water that causes the curse shall enter into her bitter.
25 Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi.
And the priest shall take the meal offering of jealousy out of the woman's hand, and shall wave the meal offering before Jehovah, and bring it to the altar.
26 Nunɔla la aku nuɖuvɔsa la ƒe asiʋlo ɖeka abe ŋkuɖodzivɔsa ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ana nyɔnu la nano tsi la.
And the priest shall take a handful of the meal offering, as the memorial of it, and burn it upon the altar, and afterward shall make the woman drink the water.
27 Ne nyɔnu la gblẽ kɔ ɖo, eye meto nyateƒe na srɔ̃a o, evɔ wona wòno tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi la age ɖe eƒe lãme, eye wòase veve vevie. Eƒe ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ataŋulã aflo ɖa, eye wòazu ɖiŋudonu le eƒe amewo dome.
And when he has made her drink the water, then it shall come to pass, if she is defiled, and has committed a trespass against her husband, that the water that causes the curse shall enter into her bitter, and her body shall swell, and her thigh shall fall away. And the woman shall be a curse among her people.
28 Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye wòdza la, woatso afia nɛ, eye wòagate ŋu adzi vi.
And if the woman is not defiled, but is clean, then she shall be free, and shall conceive seed.
29 “‘Esiae nye ŋuʋaʋãŋutise ne nyɔnu aɖe da afɔ, eye wògblẽ kɔ ɖo, esi wòle atsuƒe,
This is the law of jealousy, when a wife, being under her husband, goes aside, and is defiled,
30 alo ne ŋuʋaʋã xɔ ŋutsu aɖe me, elabena ebu nazã ɖe srɔ̃a ŋu. Nunɔla la ana nyɔnu la natsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume, eye wòawɔ se sia katã me dɔ na nyɔnu la.
or when the spirit of jealousy comes upon a man, and he is jealous of his wife. Then he shall set the woman before Jehovah, and the priest shall execute upon her all this law.
31 Womaɖe agɔdzedze aɖeke na srɔ̃ŋutsu la o, gake nu vɔ̃ yomedzenu anɔ nyɔnu la dzi.’”
And the man shall be free from iniquity, and that woman shall bear her iniquity.

< Mose 4 5 >