< Mose 4 4 >
1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
Yahweh spoke to Moses and to Aaron. He said,
2 “Mixlẽ Kohat ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome le woƒe towo kple ƒomewo nu.
“Conduct a census of the male descendants of Kohath from among the Levites, by their clans and families.
3 Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me.
Count all the men who are thirty to fifty years old. These men must join the company to serve in the tent of meeting.
4 “Esiawoe nye Kohat ƒe viwo ƒe dɔ le agbadɔ la me: nu kɔkɔetɔwo dzi kpɔkpɔ.
The descendants of Kohath must take care of the most holy things reserved for me in the tent of meeting.
5 Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo age ɖe Agbadɔ la me gbã. Woaɖe xɔmetsovɔ la, eye woatsɔe atsyɔ nubablaɖaka la dzi.
When the camp prepares to move forward, Aaron and his sons must go into the tent, take down the curtain that separates the most holy place from the holy place and cover the ark of the testimony with it.
6 Emegbe la, woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ xɔmetsovɔ la dzi, atsɔ aɖabɛ blɔtɔ atsyɔ tɔmenyigbalẽ la dzi, eye woatsɔ nubablaɖakakɔkpoawo aƒo ɖe eƒe gagodoeawo me.
They must cover the ark with sea cow skins. They must spread a blue cloth over it. They must insert the poles to carry it.
7 “Le esia megbe la, woatsɔ aɖabɛ blɔtɔ la akeke ɖe ŋkumeɖobolo la ƒe kplɔ̃ la dzi, eye woatsɔ agbawo, gatsiwo, trewo kple kpluwo kple abolo la ada ɖe avɔ la dzi.
They are to spread a blue cloth on the table of the bread of the presence. On it they must put the dishes, spoons, bowls, and jars for pouring. Bread must always continue to be on the table.
8 Woakeke avɔ dzĩtɔ ɖe nu siawo dzi, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ aɖabɛ dzĩtɔ la dzi azɔ. Emegbe la, woatsɔ kplɔ̃kɔkpoawo ade kplɔ̃ la ƒe gagodoeawo me.
They must cover them with a scarlet cloth and again with sea cow skins. They must insert poles to carry the table.
9 “Nu si woagawɔ azɔe nye woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ akaɖiti la, akaɖigbɛawo, ɖovulãnuwo, nutɔgbawo kple amigoe la dzi.
They must take a blue cloth and cover the lampstand, along with its lamps, tongs, trays, and all the jars of oil for the lamps.
10 Ekema woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ nuawo katã dzi, eye woatsɔ nubabla blibo la ada ɖe agbati aɖe dzi.
They must put the lampstand and all its accessories into a covering of sea cow skins, and they must put it on a carrying frame.
11 “Azɔ la, woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ sikavɔsamlekpui la dzi, atsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ eya hã dzi, eye woatsɔ kpoawo aƒo ɖe gagodoeawo me le vɔsamlekpui la ŋu.
They must spread a cloth of blue on the gold altar. They must cover it with a covering of sea cow skins, and then insert the carrying poles.
12 “Ekema woabla nu bubu siwo katã asusɔ ɖe agbadɔ la me la ɖe avɔ blɔtɔ aɖe me, atsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ eya hã dzi, eye woada nubabla la ɖe agbati dzi.
They must take all the equipment for the work in the holy place and wrap it in a blue cloth. They must cover it with sea cow skins and put the equipment on the carrying frame.
13 “Woalɔ dzowɔ le akɔblivɔsamlekpui la dzi, eye woatsɔ aɖabɛ dzĩtɔ atsyɔ na vɔsamlekpui la.
They must remove the ashes from the altar and spread a purple cloth on the altar.
14 Woatsɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le vɔsamlekpui la dzi la ada ɖe avɔ la dzi. Nu siawoe nye afilɔnuwo, gaflowo, sofiwo, zewo kple vɔsamlekpui la dzi nu bubuawo katã, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ wo dzi. Woatsɔ nukɔkpoawo ade woƒe gagodoeawo me.
They must put on the carrying frame all the equipment that they use in the work of the altar. These objects are the firepans, forks, shovels, bowls, and all the other equipment for the altar. They must cover the altar with sea cow skins and then insert the carrying poles.
15 “Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me.
When Aaron and his sons have completely covered the holy place and all its equipment, and when the camp moves forward, then the descendants of Kohath must come to carry the holy place. If they touch the holy instruments, they must die. This is the work of the descendants of Kohath, to carry the furnishings in the tent of meeting.
16 “Nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Eleazar, ƒe dɔdeasie nye wòakpɔ akaɖimemiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩwo, gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple ami sisi la dzi. Kpuie ko la, eƒe dɔe nye wòakpɔ Agbadɔ blibo la kple nu siwo katã le eme la dzi.”
Eleazar son of Aaron the priest oversees the care of the oil for the light, the sweet incense, the regular grain offering, and the anointing oil. He oversees the care of the entire tabernacle and all that is in it, the holy place and its equipment.”
17 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
Yahweh spoke to Moses and to Aaron. He said,
18 “Kpɔ egbɔ be womeɖe Kohat ƒomea ɖa le Levi ƒe viwo dome o.
“Do not allow the Kohathite tribal clans to be removed from among the Levites.
19 Be woanɔ agbe, eye womaku o, ne wote ɖe nu kɔkɔewo ŋu la, miwɔ nu siawo na wo: Aron kple via ŋutsuwo ayi ɖe kɔkɔeƒe la, eye wòade dɔ si ame sia ame awɔ kple nu sia nu si wòakɔ la asi nɛ.
Protect them, that they may live and not die, by doing this. When they approach the most holy things
20 Ne womekplɔ Kohat ƒe viŋutsuwo yi o la, mele be woage ɖe agbadɔ la me o; ne menye nenema o la, woakpɔ nu kɔkɔeawo le afi ma, eye woaku.”
they must not go in to see the holy place even for a moment, or they must die. Aaron and his sons must go in, and then Aaron and his sons must assign each of the Kohathites to his work, to his special tasks.”
21 Eye Yehowa gblɔ na Mose be,
Yahweh spoke again to Moses. He said,
22 “Xlẽ Gerson ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome,
“Conduct a census of the descendants of Gershon also, by their ancestor's families and by their clans.
23 ame siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔ kɔkɔe la wɔwɔ le agbadɔ la me.
Count those who are thirty years old to fifty years old. Count all of them who will join the company to serve in the tent of meeting.
24 “Gerson viwo ƒe dɔdeasie nye be woakɔ:
This is the work of the clans of the Gershonites, when they serve and what they carry.
25 Nɔƒe la ƒe xɔmetsovɔ, agbadɔ la ŋutɔ kple kpɔ si ƒo xlãe, gbɔ̃gbalẽ si wotsɔ gbã agbadɔ la kple avɔ si le eƒe mɔnu.
They must carry the curtains of the tabernacle, the tent of meeting, its covering, the covering of sea cow skin that is on it, and the curtains for the entrance to the tent of meeting.
26 Woawoe akɔ kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la ŋu vɔwo, agbonuvɔ si le nɔƒe si ƒo xlã vɔsamlekpui la kple agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe vɔsamlekpui la, kawo kple wo ŋu nu bubuawo katã. Woawo ƒe dɔ wònye be woakɔ nu siawo.
They must carry the curtains of the court, the curtain for the doorway of the court's gate, which is near the tabernacle and near the altar, their ropes, and all the instruments for their service. Whatever should be done with these things, they must do it.
27 Aron alo via ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ade dɔ siawo asi na Gerson ƒe viwo,
Aaron and his sons must direct all the service of the descendants of the Gershonites, in everything that they transport, and in all their service. You must assign them to all their responsibilities.
28 ke esiae nye Gerson viwo ƒe ƒome la ƒe dɔwo le agbadɔ la ŋu, eye woanɔ nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Itamar ƒe dzikpɔkpɔ te.
This is the service of the clans of the descendants of the Gershonites for the tent of meeting. Ithamar son of Aaron the priest must lead them in their service.
29 “Azɔ la, xlẽ Merari ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome, ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ le Agbadɔ la me.
You must count the descendants of Merari by their clans, and order them by their ancestor's families,
30 Xlẽ ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃ le ame siwo va be yewoawɔ agbadɔ la ŋu dɔwo dome
from thirty years old and older up to fifty years old. Count everyone who is going to join the company and serve in the tent of meeting.
31 Esiae nye woƒe dɔdeasi si woawɔ le agbadɔ la ŋuti dɔwo wɔwɔ me: woakɔ ʋuƒowo, gamedetiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo,
This is their responsibility and their work in all their service for the tent of meeting. They must care for the framing of the tabernacle, its crossbars, posts, and sockets,
32 nɔƒe la ƒe kpɔ ƒe sɔtiwo kple zɔwo, tsyotiwo, kawo kple nu sia nu si ku ɖe wo ŋu dɔ wɔwɔ kple wo dzadzraɖo ŋu. De dɔ asi na ame sia ame wotɔxɛtɔxɛe.
along with the posts of the courtyard around the tabernacle, their sockets, pegs, and their ropes, with all their hardware. List by name the articles they must carry.
33 Merari ƒe viwo hã awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu le nunɔla Aron ƒe viŋutsu Itamar ƒe kpɔkplɔ te.”
This is the service of the clans of the descendants of Merari, what they are to do for the tent of meeting, under the direction of Ithamar son of Aaron the priest.”
34 Ale Mose kple Aron kple kplɔla bubuawo xlẽ Kohat ƒe viwo
Moses and Aaron and the leaders of the community counted the descendants of the Kohathites by the clans of their ancestor's families.
35 kple woƒe ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, ame siwo dze na dɔwɔwɔ le agbadɔ la me.
They counted them from thirty years old and older up to fifty years old. They counted everyone who would join the company to serve in the tent of meeting.
36 Wode ŋutsu akpe eve, alafa adre blaatɔ̃.
They counted 2,750 men by their clans.
37 Esiawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Kohat viwo ƒe ƒome la me be woawɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
Moses and Aaron counted all the men in the clans and families of the Kohathites who serve in the tent of meeting. In doing this, they obeyed what Yahweh had commanded them to do through Moses.
38 Eye wotia Gerson ƒe viwo xlẽ le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
The descendants of Gershon were counted in their clans, by their ancestor's families,
39 Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu.
from thirty to fifty years old, everyone who would join the company to serve in the tent of meeting.
40 Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu la le ame akpe eve alafa ade, blaetɔ̃.
All the men, counted by their clans and their ancestor's families, numbered 2,630.
41 Ame siawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia, xlẽ le Gerson ƒe viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa de se ene.
Moses and Aaron counted the clans of the descendants of Gershon who would serve in the tent of meeting. In doing this, they obeyed what Yahweh had commanded them to do through Moses.
42 Eye wotia amewo, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la kple aƒewo nu.
The descendants of Merari were counted in their clans by their ancestor's families,
43 Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe Agbadɔ la ŋu.
from thirty to fifty years old, everyone who would join the company to serve in the tent of meeting.
44 Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomea nu la le ame akpe etɔ̃, alafa eve.
All the men, counted by their clans and their ancestor's families, numbered 3,200.
45 Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron wotia, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la me abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
Moses and Aaron counted all these men, the descendants of Merari. In doing this, they obeyed what Yahweh had commanded them to do through Moses.
46 Levi ƒe vi siwo katã Mose kple Aron kple Israel kplɔlawo wotia le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu,
So Moses, Aaron, and the leaders of Israel counted all the Levites by their clans in their ancestral families
47 eye woxɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema va se ɖe ƒe blaatɔ̃ be woasubɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, eye woakɔ agba la
from thirty to fifty years old. They counted everyone who would do work in the tabernacle, and who would carry and care for the items in the tent of meeting.
48 ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa atɔ̃ blaenyi.
They counted 8,580 men.
49 Mose na wofia ame sia ame ƒe dɔ kple agba si wòakɔ lae, abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia wo xlẽ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
At Yahweh's command, Moses counted each man, keeping count of each by the type of work he was assigned to do. He counted each man by the kind of responsibility he would bear. In doing this, they obeyed what Yahweh had commanded them to do through Moses.