< Mose 4 34 >
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
The Lord told Moses,
2 “Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:
“Give this command to the Israelites: ‘When you enter the country of Canaan, it will be allocated to you to own with the following boundaries:
3 “‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la,
The southern extent of your country will be from the Desert of Zin along the border of Edom. Your southern border will run east from the end of the Dead Sea,
4 ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon.
cross south of Scorpion Pass, on to Zin, and reach its southern limit south of Kadesh-barnea. Then it will go to Hazar-addar and on to Azmon.
5 Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la.
There the boundary will turn from Azmon to the Wadi of Egypt, ending at the Mediterranean Sea.
6 Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta.
Your western border will be the coast of the Mediterranean Sea. This is to be your boundary to the west.
7 Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ.
Your northern border will run from the Mediterranean Sea straight to Mount Hor.
8 Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad
From Mount Hor the boundary will go to Lebo-hamath, then on to Zedad,
9 kple Zifron, ayi Hazar Enan. Esia anye miaƒe anyieheliƒo la.
to Ziphron, ending at Hazar-enan. This will be your boundary to the north.
10 Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam
Your eastern border will run straight from Hazar-enan to Shepham
11 kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu.
Then the boundary will go down from Shepham to Riblah on the east side of Ain. It will pass down along the slopes east of the Sea of Galilee.
12 Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu. “‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’”
Then the boundary will go down along the Jordan, ending at the Dead Sea. This is to be your land with its surrounding borders.’”
13 Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome,
Moses gave the order to the Israelites, “Allocate ownership of this land by lot. The Lord has commanded it to be given to the nine and a half tribes.
14 elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo.
The tribes of Reuben and Gad, together with the half-tribe of Manasseh, have already received their allocation.
15 To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.”
These two and a half tribes have received their allocation on the east side of the Jordan opposite Jericho.”
16 Yehowa gblɔ na Mose be,
The Lord told Moses,
17 “Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu,
“These are the names of the men who will be in charge of allocating ownership of the land for you: Eleazar the priest and Joshua, son of Nun.
18 eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me.
Have one leader from each tribe help in the distribution of the land.
19 “Ame siawoe nye: “Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me,
These are their names: From the tribe of Judah: Caleb, son of Jephunneh.
20 Samuel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me,
From the tribe of Simeon: Shemuel, son of Ammihud.
21 Elidad, Kislon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me,
From the tribe of Benjamin: Elidad, son of Chislon.
22 Buki, Yogli viŋutsu, tso Dan ƒe to la me,
A leader from the tribe of Dan: Bukki, son of Jogli.
23 Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me,
A leader from the tribe of Manasseh, son of Joseph: Hanniel son of Ephod.
24 Kemuel, Siftan ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me,
A leader from the tribe of Ephraim: Kemuel, son of Shiphtan.
25 Elizafan, Parnax viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me,
A leader from the tribe of Zebulun: Eli-zaphan, son of Parnach.
26 Paltiel, Azan ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me,
A leader from the tribe of Issachar: Paltiel, son of Azzan.
27 Ahihud, Selomi ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me,
A leader from the tribe of Asher: Ahihud, son of Shelomi.
28 Pedahel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.”
A leader from the tribe of Naphtali: Pedahel, son of Ammihud.”
29 Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo.
These are the names of those the Lord put in charge of allocating land ownership in the country of Canaan.