< Mose 4 32 >
1 Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi.
Die Stämme Ruben und Gad besaßen aber außerordentlich viel Vieh. Als sie sich nun die Landschaft Jaser und die Landschaft Gilead ansahen, erkannten sie, daß die Gegend zur Viehzucht geeignet war.
2 Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be,
So gingen denn die Stämme Gad und Ruben hin und sagten zu Mose und zu dem Priester Eleasar und zu den Häuptern der Gemeinde:
3 “Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe
»Ataroth, Dibon, Jaser, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo und Beon,
4 anyigba siwo Yehowa xɔ le Israelviwo ŋkume la nyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si.
das Land, das der HERR der Gemeinde Israel unterworfen hat, ist ein zur Viehzucht geeignetes Land, und deine Knechte besitzen viel Vieh.«
5 Ne eve mía nu la ekema míeɖe kuku tsɔ anyigba sia na mí ɖe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ teƒe.”
Dann fuhren sie fort: »Wenn du uns eine Liebe erweisen willst, so möge diese Landschaft deinen Knechten als Erbbesitz überwiesen werden: laß uns nicht mit über den Jordan ziehen!«
6 Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa?
Darauf antwortete Mose den Stämmen Gad und Ruben: »Eure Brüder sollen also in den Krieg ziehen, und ihr wollt ruhig hier bleiben?
7 Ɖe miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo be womagatso tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na wo oa?
Warum wollt ihr denn die (übrigen) Israeliten von dem Entschluß abbringen, in das Land hinüberzuziehen, das der HERR für sie bestimmt hat?
8 Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi.
Ebenso haben es auch eure Väter gemacht, als ich sie von Kades-Barnea zur Besichtigung des Landes aussandte.
9 Esi wowu ŋkutsatsa la nu, eye wotrɔ tso Eskɔl ƒe balime gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu.
Als sie nämlich bis zum Tal Eskol hinaufgezogen waren und sich das Land angesehen hatten, brachten sie die Israeliten von ihrem Entschluß ab, so daß sie nicht in das Land ziehen wollten, das der HERR für sie bestimmt hatte.
10 Yehowa do dɔmedzoe gbe ma gbe, eye woka atam sia be,
Da entbrannte aber der Zorn des HERRN an jenem Tage, so daß er mit einem Schwur aussprach:
11 ‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o.
›Die Männer, die aus Ägypten ausgezogen sind, von zwanzig Jahren an und darüber, die sollen nimmermehr das Land zu sehen bekommen, das ich Abraham, Isaak und Jakob zugeschworen habe, denn sie sind mir nicht in allen Stücken gehorsam gewesen,
12 Wo dometɔ siwo ko ade Ŋugbedodonyigba la dzie nye Kaleb, Yefune, Kenizitɔ la ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, elabena woawo dze Yehowa yome kple woƒe dzi blibo, eye wode dzi ƒo na ameawo be woayi Ŋugbedodonyigba la dzi.’
außer dem Kenissiter Kaleb, dem Sohn Jephunnes, und außer Josua, dem Sohne Nuns; denn diese beiden sind dem HERRN in allen Stücken gehorsam gewesen.‹
13 Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ.
So entbrannte also der Zorn des HERRN gegen Israel, und er ließ sie vierzig Jahre lang in der Wüste umherirren, bis das ganze Geschlecht, das in den Augen des HERRN übel gehandelt hatte, ausgestorben war.
14 “Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi.
Und jetzt seid ihr an Stelle eurer Väter aufgetreten, ein Nachwuchs von Sündern, um den lodernden Zorn des HERRN gegen Israel noch zu mehren!
15 Ne mietrɔ ɖa tso Mawu gbɔ alea la, ana ameawo naganɔ gbea dzi ɣeyiɣi didi aɖe wu, eye miahe ku vɛ na ameawo kple dzɔgbevɔ̃e va dukɔ blibo la dzi!”
Wenn ihr euch vom Gehorsam gegen ihn abwendet, so wird er das Volk noch länger in der Wüste belassen, und ihr werdet so dies ganze Volk zugrunde richten!«
16 Woɖo eŋu be, “Míawɔ nenema o, ke boŋ míatu lãkpowo na míaƒe lãwo, eye míatso duwo na mía viwo ɖe afi sia.
Da traten sie an ihn heran und sagten: »Wir wollen hier nur Viehhürden für unsere Herden und feste Wohnorte für unsere Frauen und Kinder bauen;
17 Míawo ŋutɔ míabla akpa, adze ŋgɔ na Israelvi bubuawo va se ɖe esime míakplɔ wo, woƒe asi naka woƒe domenyinu la dedie. Ke ele be míatso duwo, aɖo gli aƒo xlã wo na mía srɔ̃wo kple mía viwo gbã, ale be afi sia tɔwo maho aʋa ɖe wo ŋu o.
wir selbst aber wollen kampfgerüstet an der Spitze der Israeliten einherziehen, bis wir sie in ihre Wohnsitze gebracht haben; unterdessen sollen unsere Frauen und Kinder wegen der (feindseligen) Bewohner des Landes in den befestigten Ortschaften bleiben.
18 Míatsi afi sia o, va se ɖe esime Israelviwo katã ƒe asi asu woƒe domenyinu la dzi.
Wir wollen nicht eher in unsere Häuser zurückkehren, als bis die Israeliten sämtlich ihren Erbbesitz empfangen haben;
19 Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.”
denn wir beanspruchen keinen Besitz neben ihnen jenseits des Jordans und weiterhin, wenn uns unser Erbbesitz diesseits des Jordans gegen Osten zuteil geworden ist.«
20 Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa,
Da sagte Mose zu ihnen: »Wenn ihr das wirklich tut, daß ihr euch vor dem HERRN zum Kriege rüstet
21 eye miana miaƒe aʋawɔlawo nanɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ va se ɖe esime Yehowa nanya eƒe futɔwo ɖa la,
und ihr alle gerüstet vor den Augen des HERRN über den Jordan zieht, bis er seine Feinde vor sich her ausgetrieben hat,
22 ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ.
und ihr erst dann wieder heimkehrt, nachdem das Land vor dem HERRN unterworfen ist, so sollt ihr eurer Verpflichtungen gegen den HERRN und gegen Israel los und ledig sein, und dieses Land soll euch als Erbbesitz vor dem HERRN zuteil werden.
23 “Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko.
Wenn ihr aber nicht so handelt, so habt ihr euch damit gegen den HERRN versündigt und werdet die Folgen eurer Versündigung zu fühlen bekommen!
24 Mitso duwo na mia srɔ̃wo kple mia viwo, mitu lãkpowo na miaƒe lãwo, eye miwɔ nu siwo katã miegblɔ be yewoawɔ.”
Baut euch also Städte für eure Frauen und Kinder und Hürden für euer Kleinvieh, tut aber auch, was ihr versprochen habt!«
25 Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu.
Da gaben die Stämme Gad und Ruben dem Mose folgende Versicherung: »Deine Knechte werden tun, wie du, Herr, befiehlst:
26 Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me.
unsere Kinder, unsere Frauen, unsere Herden und all unsere Lasttiere sollen hier in den Ortschaften Gileads bleiben,
27 Ke mí aʋawɔlawo katã ya la, míatso tɔsisi la ayi aɖawɔ aʋa na Yehowa abe ale si míaƒe aƒetɔ gblɔ ene.”
wir aber, deine Knechte, werden alle, soweit sie waffenfähig sind, vor dem HERRN her zum Kampf hinüberziehen, wie du, Herr, befohlen hast.«
28 Mose lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ na nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israelviwo ƒe towo ƒe kplɔlawo be,
Darauf gab Mose ihretwegen dem Priester Eleasar und Josua, dem Sohne Nuns, und den Stammeshäuptern der Israeliten Anweisung,
29 “Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo.
indem er ihnen auftrug: »Wenn die Gaditen und Rubeniten, alle Waffenfähigen, mit euch zum Kriege vor dem HERRN her über den Jordan ziehen, so sollt ihr, wenn das Land unterworfen vor euch daliegt, ihnen die Landschaft Gilead zum Erbbesitz geben;
30 Ke ne wogbe la, ekema woaxɔ anyigba le Kanaanyigba la dzi, le mi ame bubuawo dome.”
wenn sie aber nicht kampfgerüstet mit euch hinüberziehen, so sollen sie unter euch im Lande Kanaan angesiedelt werden.«
31 Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi.
Da gaben die Gaditen und Rubeniten folgende Erklärung ab: »Wie der HERR deinen Knechten geboten hat, so wollen wir tun:
32 Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.”
wir wollen kampfgerüstet vor dem HERRN her in das Land Kanaan hinüberziehen, damit uns unser Erbbesitz diesseits des Jordans verbleibt.«
33 Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã.
Darauf überwies Mose ihnen – den Stämmen Gad und Ruben und dem halben Stamme Manasses, des Sohnes Josephs – das Reich des Amoriterkönigs Sihon und das Reich des Königs Og von Basan, das Land mit den darin liegenden Städten samt den zugehörigen Gebieten ringsum.
34 Du siwo Gad ƒe viwo tso la woe nye: Dibon, Atarɔt kple Aroer,
Da bauten die Gaditen Dibon, Ataroth, Aroer,
35 Atrɔt Sofan, Yazer kple Yogbeha,
Ateroth-Sophan, Jaser, Jogbeha,
36 Bet Nimra kple Bet Haran. Woɖo gli ƒo xlã du siawo katã, eye lãkpowo nɔ wo me.
Beth-Nimra und Beth-Haran wieder auf, feste Städte und Hürden für das Kleinvieh.
37 Du siwo Ruben ƒe viwo tso la woe nye: Hesbon, Eleale kple Kiriataim,
Die Rubeniten aber bauten Hesbon, Eleale, Kirjathaim,
38 Nebo, Baal Meon kple Sibma. Emegbe la, Israelviwo trɔ ŋkɔ na du siawo dometɔ siwo woxɔ hegbugbɔ tu la.
Nebo, Baal-Meon [mit verändertem Namen zu sprechen!] und Sibma wieder auf; sie gaben aber den Städten, die sie wieder aufgebaut hatten, andere Namen.
39 Manase ƒe viŋutsu, Makir yi Gileadnyigba dzi, nya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la ɖa, eye wòxɔe.
Die Söhne Machirs aber, des Sohnes Manasses, zogen nach Gilead, eroberten es und trieben die Amoriter aus, die darin wohnten.
40 Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma.
Mose verlieh dann Gilead dem Machir, dem Sohne Manasses, und dieser siedelte sich dort an.
41 Manase ƒe viŋutsu, Yair ƒe dzidzimeviwo nɔ du geɖewo me le Gileadnyigba dzi. Wotrɔ ŋkɔ na woƒe nɔƒe be, Havrɔtyair, si gɔmee nye Yair ƒe duwo.
Jair aber, der Sohn Manasses, zog hin, bemächtigte sich ihrer (der Amoriter) Zeltdörfer und gab ihnen den Namen »Zeltdörfer Jairs«. –
42 Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba.
Auch Nobah zog hin, nahm Kenath und die dazugehörigen Ortschaften ein und benannte es nach seinem Namen Nobah.