< Mose 4 31 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
וידבר יהוה אל משה לאמר
2 “Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le ale si wokplɔ mi de trɔ̃subɔsubɔ me la ta. Le esia megbe la, àku.”
נקם נקמת בני ישראל מאת המדינים אחר תאסף אל עמיך
3 Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa.
וידבר משה אל העם לאמר החלצו מאתכם אנשים לצבא ויהיו על מדין לתת נקמת יהוה במדין
4 Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.”
אלף למטה אלף למטה--לכל מטות ישראל תשלחו לצבא
5 Ale ŋutsu akpe wuieve bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me.
וימסרו מאלפי ישראל אלף למטה--שנים עשר אלף חלוצי צבא
6 Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsue nye woƒe aʋakplɔla. Nubablaɖaka la yi kpli wo le esime kpẽwo nɔ ɖiɖim.
וישלח אתם משה אלף למטה לצבא אתם ואת פינחס בן אלעזר הכהן לצבא וכלי הקדש וחצצרות התרועה בידו
7 Wowu Midian ŋutsu ɖe sia ɖe le aʋa la me.
ויצבאו על מדין כאשר צוה יהוה את משה ויהרגו כל זכר
8 Wowu Midian fia atɔ̃awo katã, Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. Wowu Balaam, Beor ƒe viŋutsu la hã.
ואת מלכי מדין הרגו על חלליהם את אוי ואת רקם ואת צור ואת חור ואת רבע--חמשת מלכי מדין ואת בלעם בן בעור הרגו בחרב
9 Israelviwo ƒe aʋakɔ la ɖe aboyo Midiantɔwo ƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo katã, eye woha woƒe lãwo kple woƒe kesinɔnu geɖewo.
וישבו בני ישראל את נשי מדין ואת טפם ואת כל בהמתם ואת כל מקנהם ואת כל חילם בזזו
10 Wotɔ dzo Midiantɔwo ƒe duwo kple kɔƒewo katã,
ואת כל עריהם במושבתם ואת כל טירתם--שרפו באש
11 woɖe aboyo amewo, eye woha woƒe lãwo katã.
ויקחו את כל השלל ואת כל המלקוח--באדם ובבהמה
12 Wotsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo katã vɛ na Mose kple nunɔla Eleazar kple Israelvi bubu siwo nɔ asaɖa la me le Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to, le Yeriko kasa.
ויבאו אל משה ואל אלעזר הכהן ואל עדת בני ישראל את השבי ואת המלקוח ואת השלל--אל המחנה אל ערבת מואב אשר על ירדן ירחו
13 Mose kple nunɔla Eleazar kple ameawo ƒe kplɔla bubuawo katã do go yi ɖakpe aʋakɔ la,
ויצאו משה ואלעזר הכהן וכל נשיאי העדה--לקראתם אל מחוץ למחנה
14 ke Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔlawo kple aʋalɔgonunɔlawo ŋu.
ויקצף משה על פקודי החיל שרי האלפים ושרי המאות הבאים מצבא המלחמה
15 Ebia wo be, “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe?
ויאמר אליהם משה החייתם כל נקבה
16 Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ.
הן הנה היו לבני ישראל בדבר בלעם למסר מעל ביהוה על דבר פעור ותהי המגפה בעדת יהוה
17 Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa!
ועתה הרגו כל זכר בטף וכל אשה ידעת איש למשכב זכר--הרגו
18 Mina nyɔnuvi suewo ya nanɔ agbe, eye woazu mia tɔ.
וכל הטף בנשים אשר לא ידעו משכב זכר--החיו לכם
19 “Azɔ la, mi ame siwo katã wu ame aɖe alo ka asi ame kuku aɖe ŋu la, minɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Mikɔ mia ɖokuiwo kple nyɔnuvi sueawo ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe.
ואתם חנו מחוץ למחנה--שבעת ימים כל הרג נפש וכל נגע בחלל תתחטאו ביום השלישי וביום השביעי--אתם ושביכם
20 Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.”
וכל בגד וכל כלי עור וכל מעשה עזים וכל כלי עץ--תתחטאו
21 Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose
ויאמר אלעזר הכהן אל אנשי הצבא הבאים למלחמה זאת חקת התורה אשר צוה יהוה את משה
22 ‘Nu sia nu si ate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu abe sika, klosalo, akɔbli, gaɣi alo tsumi ene la,
אך את הזהב ואת הכסף את הנחשת את הברזל את הבדיל ואת העפרת
23 woade wo dzo me ale be woakɔ wo ŋu. Emegbe la, woagakɔ wo ŋu kple tsi kɔkɔe. Ke woatsɔ tsi kɔkɔe ko akɔ nu siwo mate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu o la ŋuti.’
כל דבר אשר יבא באש תעבירו באש וטהר--אך במי נדה יתחטא וכל אשר לא יבא באש תעבירו במים
24 Le ŋkeke adrelia gbe la, mianya miaƒe awuwo, eye mia ŋuti akɔ ekema miagatrɔ ava asaɖa la me.”
וכבסתם בגדיכם ביום השביעי וטהרתם ואחר תבאו אל המחנה
25 Yehowa gblɔ na Mose be,
ויאמר יהוה אל משה לאמר
26 “Wò kple nunɔla Eleazar kple ƒomeawo ƒe tatɔ siwo le dukɔa me la miaxlẽ amewo kple lã siwo katã wolé le aʋa.
שא את ראש מלקוח השבי באדם ובבהמה--אתה ואלעזר הכהן וראשי אבות העדה
27 Le esia megbe la, miama afunyinuawo ɖe asrafo siwo de aʋa kple ameha mamlɛawo dome.
וחצית את המלקוח בין תפשי המלחמה היצאים לצבא--ובין כל העדה
28 Mixɔ nu sia nu si asrafoawo xɔ la ƒe ɖeka le alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe me abe nunana ene na Yehowa, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo loo alo gbɔ̃wo o.
והרמת מכס ליהוה מאת אנשי המלחמה היצאים לצבא--אחד נפש מחמש המאות מן האדם ומן הבקר ומן החמרים ומן הצאן
29 Mixɔ nunana sia ƒe afã le wo si, eye miatsɔe na nunɔla Eleazar abe Yehowa ƒe gome ene.
ממחציתם תקחו ונתתה לאלעזר הכהן תרומת יהוה
30 Tso nu siwo ke Israelviwo xɔ ƒe afã me la, tia ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe me, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo, gbɔ̃wo loo alo lã bubuwo o. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo, ame siwo kpɔa Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe nyawo gbɔ.”
וממחצת בני ישראל תקח אחד אחז מן החמשים מן האדם מן הבקר מן החמרים ומן הצאן--מכל הבהמה ונתתה אתם ללוים שמרי משמרת משכן יהוה
31 Ale Mose kple nunɔla Eleazar wowɔ se siwo Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.
ויעש משה ואלעזר הכהן כאשר צוה יהוה את משה
32 Aʋadelawo tsɔ sikanu kple awu siwo woha la na wo ɖokui. Nu bubu siwo woha la woe nye alẽ akpe alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃,
ויהי המלקוח--יתר הבז אשר בזזו עם הצבא צאן שש מאות אלף ושבעים אלף--וחמשת אלפים
33 nyi akpe blaadre-vɔ-eve,
ובקר שנים ושבעים אלף
34 tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ kple
וחמרים אחד וששים אלף
35 nyɔnuvi akpe blaetɔ̃-vɔ-eve.
ונפש אדם--מן הנשים אשר לא ידעו משכב זכר כל נפש שנים ושלשים אלף
36 Nu siawo ƒe afã, si wotsɔ na aʋadelawoe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre alafa atɔ̃,
ותהי המחצה--חלק היצאים בצבא מספר הצאן שלש מאות אלף ושלשים אלף ושבעת אלפים וחמש מאות
37 wotsɔ wo dome alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ na Yehowa;
ויהי המכס ליהוה מן הצאן--שש מאות חמש ושבעים
38 nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade, wotsɔ wo dome blaadre-vɔ-eve na Yehowa,
והבקר--ששה ושלשים אלף ומכסם ליהוה שנים ושבעים
39 tedzi akpe blaetɔ̃, alafa atɔ, wotsɔ wo dome blaade-vɔ-ɖekɛ na Yehowa;
וחמרים שלשים אלף וחמש מאות ומכסם ליהוה אחד וששים
40 nyɔnuvi akpe wuiade, wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo.
ונפש אדם ששה עשר אלף ומכסם ליהוה--שנים ושלשים נפש
41 Wotsɔ nu siwo katã nye Yehowa tɔ la na nunɔla Eleazar, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
ויתן משה את מכס תרומת יהוה לאלעזר הכהן--כאשר צוה יהוה את משה
42 Mose tsɔ nu siwo woha le aʋa me la ƒe afã na Israelviwo eye afã bubu na aʋadelawo.
וממחצית בני ישראל אשר חצה משה מן האנשים הצבאים
43 Afã mamlɛa, si wotsɔ na Israelviwo la yi ale: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre, alafa atɔ̃,
ותהי מחצת העדה מן הצאן--שלש מאות אלף ושלשים אלף שבעת אלפים וחמש מאות
44 nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade,
ובקר ששה ושלשים אלף
45 tedzi akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃ kple
וחמרים שלשים אלף וחמש מאות
46 nyɔnuvi akpe wuiade.
ונפש אדם ששה עשר אלף
47 Le Yehowa ƒe ɖoɖowo nu la, Mose tsɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe blaatɔ̃lia ƒe ɖeka le Israelviwo tɔ ŋu hena Levi ƒe viwo, ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe agbadɔ la me.
ויקח משה ממחצת בני ישראל את האחז אחד מן החמשים--מן האדם ומן הבהמה ויתן אתם ללוים שמרי משמרת משכן יהוה כאשר צוה יהוה את משה
48 Aʋakplɔla siwo le aʋalɔgowo nu, esiwo le ŋutsu akpewo nu kple esiwo le ŋutsu alafawo nu la yi Mose gbɔ,
ויקרבו אל משה הפקדים אשר לאלפי הצבא--שרי האלפים ושרי המאות
49 eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o.
ויאמרו אל משה עבדיך נשאו את ראש אנשי המלחמה אשר בידנו ולא נפקד ממנו איש
50 Eya ta míetsɔ akpedavɔsa tɔxɛ vɛ na Yehowa tso nu siwo míeha la me, woawoe nye sika, alɔnugɛwo, afɔgɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔsɔkɔsɔwo. Míetsɔ nu siawo hena avuléle le Yehowa ŋkume ɖe míaƒe luʋɔwo ta.”
ונקרב את קרבן יהוה איש אשר מצא כלי זהב אצעדה וצמיד טבעת עגיל וכומז--לכפר על נפשתינו לפני יהוה
51 Mose kple nunɔla Eleazar woxɔ sika kple aɖaŋunuwɔwɔwo le wo si.
ויקח משה ואלעזר הכהן את הזהב--מאתם כל כלי מעשה
52 Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ.
ויהי כל זהב התרומה אשר הרימו ליהוה--ששה עשר אלף שבע מאות וחמשים שקל מאת שרי האלפים ומאת שרי המאות
53 Asrafoawo tsɔ nu siawo ƒe ɖe na wo ɖokuiwo xoxo.
אנשי הצבא בזזו איש לו
54 Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene.
ויקח משה ואלעזר הכהן את הזהב מאת שרי האלפים והמאות ויבאו אתו אל אהל מועד זכרון לבני ישראל לפני יהוה

< Mose 4 31 >