< Mose 4 3 >

1 Esiawoe nye Aron kple Mose viwo, le ɣeyiɣi si me Yehowa ƒo nu na Mose le Sinai to la dzi la.
این است تاریخچۀ خاندان موسی و هارون در زمانی که خداوند در کوه سینا با موسی سخن گفت:
2 Viŋutsu enee nɔ Aron si. Woawoe nye Nadab, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abihu, Eleaza kple Itamar.
هارون چهار پسر به نامهای ناداب (پسر نخست‌زاده)، ابیهو، العازار و ایتامار داشت.
3 Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.
هر چهار نفر ایشان برای خدمت کاهنی انتخاب و تقدیس شدند تا در خیمهٔ عبادت خدمت کنند.
4 Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋkume le Sinai gbedzi esi wowɔ dzo makɔmakɔ ŋu dɔ le vɔsasa na Yehowa me. Esi vi aɖeke menɔ wo si o ta la, Eleazar kple Itamar koe susɔ akpe ɖe wo fofo, Aron ŋuti.
ولی ناداب و ابیهو به علّت استفاده از آتش غیر مجاز در حضور خداوند، در صحرای سینا مردند و چون فرزندی نداشتند، فقط العازار و ایتامار باقی ماندند تا پدرشان هارون را در خدمت کاهنی یاری کنند.
5 Eya ta Yehowa gblɔ na Mose be,
پس خداوند به موسی فرمود:
6 “Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene.
«قبیلهٔ لاوی را فرا خوان و ایشان را به عنوان دستیاران هارون نزد او حاضر کن.
7 Woawɔ nu siwo Aron aɖo na wo. Woawɔ dɔ kɔkɔewo le Agbadɔ la me ɖe Israelviwo katã nu,
ایشان باید از دستورهای او پیروی نموده، به جای تمام قوم اسرائیل خدمات مقدّس خیمهٔ ملاقات را انجام دهند، زیرا ایشان به نمایندگی از طرف بنی‌اسرائیل تعیین شده‌اند تا زیر نظر هارون خدمت کنند. مسئولیت نگهداری خیمهٔ عبادت و تمام اسباب و اثاثیه آن بر عهدهٔ ایشان است.
8 Woakpɔ Agbadɔ la me nuwo kple Agbadɔ blibo la dzi
9 elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene.
10 Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.”
ولی فقط هارون و پسرانش باید وظایف کاهنی را انجام دهند؛ هر کس دیگری که بخواهد نزدیک بیاید باید کشته شود.»
11 Yehowa gblɔ na Mose be,
خداوند به موسی فرمود:
12 “Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo.
«من لاویان را به جای تمام پسران نخست‌زادۀ قوم اسرائیل پذیرفته‌ام. لاویان از آن من هستند.
13 Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!”
آنها به جای تمام نخست‌زادگان بنی‌اسرائیل وقف من شده‌اند. از روزی که نخست‌زادگان مصری‌ها را کشتم، نخست‌زادگان بنی‌اسرائیل را، چه انسان و چه حیوان، از آن خود ساختم، پس آنها به من تعلق دارند. من خداوند هستم.»
14 Yehowa gblɔ na Mose le Sinai gbegbe la be,
خداوند در صحرای سینا موسی را خطاب کرده فرمود:
15 “Xlẽ Levi ƒe viwo le woƒe ƒomewo kple towo nu. Xlẽ ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.”
«قبیلهٔ لاوی را برحسب طایفه و خاندان سرشماری کن. پسران را از یک ماهه به بالا بشمار.»
16 Ale Mose xlẽ wo abe ale si Yehowa ƒe nya ɖo nɛ ene.
پس موسی طبق فرمان خداوند ایشان را شمرد:
17 Levi ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gerson, Kohat kple Merari
لاوی سه پسر داشت با نام های جرشون و قهات و مراری.
18 Gerson ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Libni kple Simei.
نامهای پسران جرشون برحسب طایفه‌هایشان لبنی و شمعی بود.
19 Kohat ƒe viwo nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
نامهای پسران قهات برحسب طایفه‌هایشان عمرام و یِصهار و حبرون و عُزیئیل بود.
20 Eye Merari ƒe viwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Mahli kple Musi. Esiawo nye Levi ƒe viwo ƒe ƒome le woƒe aƒewo nu.
نامهای پسران مراری برحسب طایفه‌هایشان مَحلی و موشی بود. اینها طایفه‌های لاوی برحسب خاندانهایشان بودند.
21 Gerson hawo nye Libni kple Simei ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Gerson ƒe ƒomeawo.
طایفه‌های جرشون، لبنیان و شمعیان بودند.
22 Wotia ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ le wo dome, eye woƒe xexlẽme le ame akpe adre, alafa atɔ̃.
تعداد همه مردان و پسران از یک ماهه به بالا در طایفه‌های جرشونیان ۷٬۵۰۰ نفر بود.
23 Eye Gerson ƒe ƒome la ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la megbe le ɣedzeƒe gome.
اردوگاهی که برای چادر زدن آنها تعیین شده بود در سوی غربی خیمه عبادت بود.
24 Gerson ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Lael ƒe viŋutsu.
نام رهبر قبیله‌های جرشونی الیاساف پسر لاییل بود.
25 Gerson ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nɔƒe kple agbadɔ la, la gbɔ, egbãnuwo, mɔnuwo kple eŋu vɔ,
وظیفهٔ این دو طایفهٔ لاوی عبارت بود از: مراقبت از خیمهٔ ملاقات، که شامل خیمۀ عبادت و پوششهای آن، پردهٔ مدخل خیمۀ ملاقات، پرده‌های دیوار حیاطی که اطراف خیمه و مذبح است، پردهٔ مدخل حیاط و همهٔ طنابها و همچنین انجام کارهای مربوط به آنها. پسر لاوی: قهات نوادگان لاوی (نامهای طوایف): عَمرام، یصها، حبرون، عزی‌ئیل تعداد: ۸٬۶۰۰ نفر رهبر: الیصافان (پسر عُزی‌ئیل) جایگاه اردو: سمت جنوبی خیمهٔ عبادت
26 kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la, vɔsamlekpui la kple ka siwo katã wotsɔ bla agbadɔ la ɖekae kple mɔnuvɔ la dzi.
27 Kohat ƒe ƒomeawoe nye: Amram ƒe viwo, Izhar ƒe viwo, Hebron ƒe viwo kple Uziel ƒe viwo.
28 Ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa ade. Woawo nakpɔ kɔkɔeƒe la me nuwo dzi.
29 Kohat ƒe ƒome la naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axadzi le dzigbeme lɔƒo.
30 Kohat ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Elizafan, Uziel ƒe viŋutsu.
31 Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ ene siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti, vɔsamlekpui la ƒe nu vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le agbadɔ la me, xɔmetsovɔ kple nu siwo katã hiã be woadzra ɖo le nu siawo ŋu la dzi.
وظیفهٔ این چهار طایفهٔ لاوی عبارت بود از: مراقبت از صندوق عهد خداوند، میز نان حضور، چراغدان، مذبحها، لوازم مختلفی که در خیمهٔ عبادت به کار می‌رفت، پردهٔ بین قدس و قدس‌الاقداس، و انجام کارهای مربوط به آنها. (العازار پسر هارون، رئیس رهبران لاویان بود و بر کار خدمتگزاران قدس نظارت می‌کرد.) پسر لاوی: مراری نوادگان لاوی (نامهای طوایف): مَحلی، موشی تعداد: ۶٬۲۰۰ نفر رهبر: صوری‌ئیل (پسر ابیحایل) جایگاه اردو: سمت شمالی خیمهٔ عبادت
32 Eleazar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu anye kplɔlawo katã ƒe tatɔ, eye kɔkɔeƒe la dzi kpɔkpɔ nye eƒe dɔ tɔxɛ.
33 Merari hawo nye: Mahli ƒe viwo ƒe ƒome kple Musi ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Merari ƒe ƒomeawo.
34 Wo dome ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve.
35 Merari ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Zuriel, Abihail ƒe viŋutsu; woawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo.
36 Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasie nye woakpɔ ati siwo wotsɔ tu Agbadɔ la, sɔtiwo kple woƒe zɔwo kple nu sia nu si wohiã na wo ŋu dɔ wɔwɔ la dzi,
وظیفهٔ این دو طایفه عبارت بود از: مراقبت از چوب‌بست خیمهٔ عبادت، پشت‌بندها، ستونها، پایه‌های ستونها، و تمام لوازم بر پا سازی آن و انجام کارهای مربوط به آنها، و همچنین مواظبت از ستونهای گرداگرد حیاط و پایه‌ها و میخها و طنابها.
37 eye woagakpɔ sɔti siwo ƒo xlã xɔxɔnu la, woƒe zɔwo kple tsyotiwo kple kawo dzi.
38 Wotia teƒe si le agbadɔ la ƒe ɣedzeƒe la da ɖi na Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe agbadɔwo. Ame siawo ƒe dɔdeasie nye be woakpɔ be agbadɔ la dzi kpɔlawo wɔ woƒe dɔdeasiwo pɛpɛpɛ ɖe Israelviwo nu. Ame sia ame si menye nunɔla alo Levi ƒe vi o, gake wòge ɖe agbadɔ la me la, aku.
خیمهٔ موسی و هارون و پسرانش می‌بایست در سمت شرقی خیمهٔ ملاقات، یعنی جلوی آن و رو به آفتاب بر پا شود. ایشان به جای قوم اسرائیل وظیفهٔ مراقبت از خیمهٔ عبادت را بر عهده داشتند. (هر کس که کاهن یا لاوی نبود و وارد خیمهٔ عبادت می‌گردید کشته می‌شد.)
39 Ale Levi ƒe viwo katã, siwo Mose kple Aron xlẽ abe ale si Yehowa gblɔ ene, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-eve.
پس تعداد همهٔ پسران و مردان لاوی که موسی و هارون طبق دستور خداوند ایشان را شمردند، از یک ماهه به بالا ۲۲ هزار نفر بود.
40 Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la, eye nàŋlɔ wo katã ŋkɔ.
سپس خداوند به موسی فرمود: «حالا تمام پسران نخست‌زاده بنی‌اسرائیل را از یک ماهه به بالا بشمار و نام هر یک از آنها را ثبت کن.
41 Tsɔ Levi ƒe viwo nam ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo nam ɖe Israelviwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Yehowa.”
لاویان به عوض نخست‌زادگان بنی‌اسرائیل به من که خداوند هستم تعلق دارند، و حیوانات لاویان هم به جای نخست‌زاده‌های حیوانات تمام قوم اسرائیل از آن من هستند.»
42 Ale Mose xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene,
پس موسی همان‌طور که خداوند به او دستور داده بود، همۀ نخست‌زادگان بنی‌اسرائیل را شمرد
43 eye wòkpɔ be viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃.
و تعداد کل همۀ نخست‌زادگان از یک ماهه به بالا ۲۲٬۲۷۳ نفر بود.
44 Yehowa gagblɔ na Mose be,
خداوند به موسی فرمود:
45 “Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa.
«حال لاویان را به عوض نخست‌زادگان قوم اسرائیل و حیوانات ایشان را به جای نخست‌زاده‌های حیوانات بنی‌اسرائیل به من بده. آری، من خداوند هستم و لاویان از آن من می‌باشند.
46 Be nàƒle Israelviwo ƒe ŋgɔgbevi alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃, siwo sɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ta la,
به منظور بازخرید ۲۷۳ نخست‌زادۀ بنی‌اسرائیل که اضافه بر تعداد لاویان هستند
47 ele be nàxɔ klosaloga gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta, ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu, si ƒe kpekpeme nye gram ewo.
برای هر نفر پنج مثقال نقره برحسب مثقال عبادتگاه که بیست قیراط است، بگیر
48 Tsɔ ga si wona hena Israelvi mamlɛawo ɖeɖe la na Aron kple via ŋutsuwo.”
و آن را به عنوان وجه فدیۀ ایشان برای نخست‌زادگان اضافی، به هارون و پسرانش بده.»
49 Ale Mose xɔ taƒlega ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔ alafa eve, blaadre-vɔ-etɔ̃, ame siwo wotsɔ wosɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ƒe xexlẽme la ta.
پس موسی مبلغ بازخرید ۲۷۳ پسر ارشدی را که اضافه بر تعداد لاویان بودند دریافت کرد. (بقیه پسران ارشد از پرداخت مبلغ بازخرید معاف بودند، چون لاویان به عوض ایشان وقف خداوند شده بودند.)
50 Ga si woxɔ le Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo si la ƒe kpekpeme le klosalo kilogram wuiatɔ̃ kple afã le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu
کل مبلغ بازخرید معادل ۱٬۳۶۵ مثقال نقره برحسب مثقال عبادتگاه بود.
51 Mose tsɔ taƒlega la na Aron kple via ŋutsuwo abe ale si Yehowa ƒe nya de see nɛ ene.
موسی طبق دستور خداوند، آن را به هارون و پسرانش تحویل داد.

< Mose 4 3 >