< Mose 4 29 >

1 “Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o.
七月には、その月の第一日に聖会を開かなければならない。なんの労役をもしてはならない。これはあなたがたがラッパを吹く日である。
2 Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu.
あなたがたは燔祭をささげて、主に香ばしいかおりとしなければならない。すなわち若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の全き小羊七頭をささげなければならない。
3 Tsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la akpe ɖe nyitsu la ŋu, nàtsɔ wɔ lita ene kple afã akpe ɖe agbo la ŋu,
その素祭には油を混ぜた麦粉をささげなければならない。すなわち雄牛一頭について一エパの十分の三、雄羊一頭について十分の二をささげ、
4 eye nàtsɔ wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
また七頭の小羊には一頭ごとに十分の一をささげなければならない。
5 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげ、あなたがたのために罪のあがないをしなければならない。
6 Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.”
これは新月の燔祭とその素祭、常燔祭とその素祭、および灌祭のほかのものであって、これらのものの定めにしたがい、香ばしいかおりとして、主に火祭としなければならない。
7 “Le ŋkeke ewo megbe la, ameawo katã agakpe ta. Ame sia ame abɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume, eye womawɔ dɔ aɖeke ƒomevi o.
またその七月の十日に聖会を開き、かつあなたがたの身を悩まさなければならない。なんの仕事もしてはならない。
8 Gbe ma gbe la, miasa numevɔ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
あなたがたは主に燔祭をささげて、香ばしいかおりとしなければならない。すなわち若い雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の小羊七頭をささげなければならない。これらはみな全きものでなければならない。
9 Sa nuɖuvɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu la ŋu kple wɔ memee lita ene kple afã kpe ɖe agbo la ŋu,
その素祭には油を混ぜた麦粉をささげなければならない。すなわち雄牛一頭につき一エパの十分の三、雄羊一頭につき十分の二をささげ、
10 eye wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
また七頭の小羊には一頭ごとに十分の一をささげなければならない。
11 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.”
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは贖罪の罪祭と常燔祭とその素祭、および灌祭のほかのものである。
12 “Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze.
七月の十五日に聖会を開かなければならない。なんの労役もしてはならない。七日のあいだ主のために祭をしなければならない。
13 Miaƒe gbe ma gbe ƒe numevɔsa tɔxɛ la ado dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa. Miasa vɔ sia kple nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple agbovi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
あなたがたは燔祭をささげて、主に香ばしいかおりの火祭としなければならない。すなわち若い雄牛十三頭、雄羊二頭、一歳の雄の小羊十四頭をささげなければならない。これらはみな全きものでなければならない。
14 Miatsɔ nu siawo akpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa la ŋu ale: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami la nakpe ɖe nyitsuvi wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee lita ene kple afã nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu,
その素祭には油を混ぜた麦粉をささげなければならない。すなわち十三頭の雄牛には一頭ごとに十分の三、その二頭の雄羊には一頭ごとに十分の二をささげ、
15 eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
その十四頭の小羊には一頭ごとに十分の一をささげなければならない。
16 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
17 “Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ
第二日には若い雄牛十二頭、雄羊二頭、一歳の雄の全き小羊十四頭をささげなければならない。
18 kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
その雄牛と雄羊と小羊とのための素祭と灌祭とはその数にしたがって、定めのようにささげなければならない。
19 Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
20 “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo.
第三日には雄牛十一頭、雄羊二頭、一歳の雄の全き小羊十四頭をささげなければならない。
21 Miatsɔ miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
その雄牛と雄羊と小羊とのための素祭と灌祭とは、その数にしたがって定めのようにささげなければならない。
22 Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋuti la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe eŋu.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
23 “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
第四日には雄牛十頭、雄羊二頭、一歳の雄の全き小羊十四頭をささげなければならない。
24 Woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
その雄牛と雄羊と小羊とのための素祭と灌祭とは、その数にしたがって定めのようにささげなければならない。
25 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
26 “Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, mitsɔ nyitsu asiekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, ɖe sia ɖe si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eŋu o la asa vɔe.
第五日には雄牛九頭、雄羊二頭、一歳の雄の全き小羊十四頭をささげなければならない。
27 Sa nyitsuawo, agboawo kple agbovi fɛ̃ ƒe nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ɖe xexlẽme siwo woɖo ɖi la nu.
その雄牛と雄羊と小羊とのための素祭と灌祭とは、その数にしたがって定めのようにささげなければならない。
28 Kpe ɖe esiawo ŋuti la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa siwo miesana ɖaa la ŋuti abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
29 “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adelia gbe la, miasa vɔ kple nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
第六日には雄牛八頭、雄羊二頭、一歳の雄の全き小羊十四頭をささげなければならない。
30 Mitsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
その雄牛と雄羊と小羊とのための素祭と灌祭とは、その数にしたがって定めのようにささげなければならない。
31 Kpe ɖe esiawo ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo kple nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
32 “Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adrelia gbe la, misa vɔ kple nyitsu adre, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo.
第七日には雄牛七頭、雄羊二頭、一歳の雄の全き小羊十四頭をささげなければならない。
33 Mitsɔ vɔsa siawo kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
その雄牛と雄羊と小羊とのための素祭と灌祭とは、その数にしたがって定めのようにささげなければならない。
34 Migasa nu vɔ̃ ŋuti vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kple miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
35 “Le ŋkeke enyia gbe la, ameawo agawɔ takpekpe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.
第八日にはまた集会を開かなければならない。なんの労役をもしてはならない。
36 Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre siwo xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ na Yehowa. Vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo.
あなたがたは燔祭をささげて主に香ばしいかおりの火祭としなければならない。すなわち雄牛一頭、雄羊一頭、一歳の雄の全き小羊七頭をささげなければならない。
37 Miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ.
その雄牛と雄羊と小羊とのための素祭と灌祭とは、その数にしたがって定めのようにささげなければならない。
38 Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe vɔsawo ŋu.
また雄やぎ一頭を罪祭としてささげなければならない。これらは常燔祭とその素祭および灌祭のほかのものである。
39 “Ele na mi be miasa vɔ siawo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiɖuɣiwo dzi kpe ɖe miaƒe adzɔgbeɖevɔsawo, lɔlɔ̃nuvɔsawo, numevɔsawo, nuɖuvɔsawo, nunovɔsawo kple ŋutifafavɔsawo ŋu.”
あなたがたは定めの祭の時に、これらのものを主にささげなければならない。これらはあなたがたの誓願、または自発の供え物としてささげる燔祭、素祭、灌祭および酬恩祭のほかのものである』」。
40 Ale Mose de se siawo katã na Israelviwo.
モーセは主が命じられた事をことごとくイスラエルの人々に告げた。

< Mose 4 29 >