< Mose 4 27 >

1 Zelofehad, Hefer ƒe vi, Gilead ƒe vi, Makir ƒe vi, Manase ƒe vi, tso Manase, ame si nye Yosef ƒe vi la ƒe ƒome me. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.
요셉의 아들 므낫세 가족에 므낫세의 현손 마길의 증손 길르앗의 손자 헤벨의 아들 슬로브핫의 딸들이 나아왔으니 그 딸들의 이름은 말라와 노아와 호글라와 밀가와 디르사라
2 Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be,
그들이 회막문에서 모세와 제사장 엘르아살과 족장들과 온 회중 앞에 서서 가로되
3 “Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o.
우리 아버지가 광야에서 죽었으나 여호와를 거스려 모인 고라의 무리에 들지 아니하고 자기 죄에 죽었고 아들이 없나이다
4 Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.”
어찌하여 아들이 없다고 우리 아버지의 이름이 그 가족 중에서 삭제되리이까 우리 아버지의 형제 중에서 우리에게 기업을 주소서 하매
5 Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume,
모세가 그 사연을 여호와께 품하니라
6 eye Yehowa gblɔ nɛ be,
여호와께서 모세에게 일러 가라사대
7 “Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo.
슬로브핫 딸들의 말이 옳으니 너는 반드시 그들의 아비의 형제 중에서 그들에게 기업을 주어 얻게 하되 그 아비의 기업으로 그들에게 돌릴지니라
8 “Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me.
너는 이스라엘 자손에게 고하여 이르기를 사람이 죽고 아들이 없거든 그 기업을 그 딸에게 돌릴 것이요
9 Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me.
딸도 없거든 그 기업을 그 형제에게 줄 것이요
10 Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ.
형제도 없거든 그 기업을 그 아비의 형제에게 줄 것이요
11 Ke ne fofoa nɔviŋutsu aɖeke meli o la, woatsɔe ana eƒe ƒometɔ tututu aɖe. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’”
그 아비의 형제도 없거든 그 기업을 가장 가까운 친족에게 주어 얻게 할지니라 하고 나 여호와가 너 모세에게 명한 대로 이스라엘 자손에게 판결의 율례가 되게 할지니라
12 Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi Abarim to dzi, eye nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa to tɔsisi la dzi.
여호와께서 모세에게 이르시되 너는 이 아바림 산에 올라가서 내가 이스라엘 자손에게 준 땅을 바라보라
13 Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene,
본 후에는 네 형 아론의 돌아간 것 같이 너도 조상에게로 돌아가리니
14 elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.)
이는 신 광야에서 회중이 분쟁할제 너희가 내 명을 거역하고 그 물 가에서 나의 거룩함을 그들의 목전에 나타내지 아니하였음이니라 이 물은 신 광야 가데스의 므리바 물이니라
15 Mose gblɔ na Yehowa be,
모세가 여호와께 여짜와 가로되
16 “O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo,
여호와, 모든 육체의 생명의 하나님이시여 원컨대 한 사람을 이 회중 위에 세워서
17 ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.”
그로 그들 앞에 출입하며 그들을 인도하여 출입하게 하사 여호와의 회중으로 목자 없는 양과 같이 되지 않게 하옵소서
18 Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la,
여호와께서 모세에게 이르시되 눈의 아들 여호수아는 신에 감동된 자니 너는 데려다가 그에게 안수하고
19 yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume.
그를 제사장 엘르아살과 온 회중 앞에 세우고 그들의 목전에서 그에게 위탁하여
20 Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe.
네 존귀를 그에게 돌려 이스라엘 자손의 온 회중으로 그에게 복종하게 하라
21 Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.”
그는 제사장 엘르아살 앞에 설 것이요 엘르아살은 그를 위하여 우림의 판결법으로 여호와 앞에 물을 것이며 그와 온 이스라엘 자손 곧 온 회중은 엘르아살의 말을 좇아 나가며 들어올 것이니라
22 Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la,
모세가 여호와께서 자기에게 명하신 대로 하여 여호수아를 데려다가 제사장 엘르아살과 온 회중 앞에 세우고
23 Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
그에게 안수하여 위탁하되 여호와께서 자기에게 명하신 대로 하였더라

< Mose 4 27 >