< Mose 4 25 >

1 Esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ɖekakpui aɖewo de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab ɖetugbiwo.
و اسرائیل در شطیم اقامت نمودند، وقوم با دختران موآب زنا کردن گرفتند.۱
2 Ɖetugbi siawo kplɔa wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsawo teƒewo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ɖekakpuiawo megadea vɔsawo teƒewo ɖeɖe ko o, ke boŋ wodea ta agu na woƒe legbawo.
زیرا که ایشان قوم را به قربانی های خدایان خوددعوت نمودند، پس قوم می‌خوردند و به خدایان ایشان سجده می‌نمودند.۲
3 Sẽe kple sẽe ko la, Israelviwo katã de asi Moabtɔwo ƒe mawu, Baal Peor subɔsubɔ me. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israelviwo ŋu.
و اسرائیل به بعل فغورملحق شدند، و غضب خداوند بر اسرائیل افروخته شد.۳
4 Yehowa de se sia na Mose be, “Wu Israel ƒe towo katã ƒe kplɔlawo. Trɔ wo ɖe ati nu le Yehowa ŋkume le ŋdɔkutsu dzati nu ale be nye dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu nu natso.”
و خداوند به موسی گفت که: «تمامی روسای قوم را گرفته، ایشان را برای خداوند پیش آفتاب به دار بکش، تا شدت خشم خداوند از اسرائیل برگردد.»۴
5 Ale Mose ɖe gbe na Israel ʋɔnudrɔ̃lawo be woawu ame siwo katã subɔ Baal Peor.
و موسی به داوران اسرائیل گفت که «هر یکی از شما کسان خود راکه به بعل فغور ملحق شدند، بکشید.»۵
6 Gbe ɖeka la, Israel ŋutsu aɖe kplɔ Midian ɖetugbi aɖe amemabumabutɔe va asaɖa la me le Mose kple ameawo katã ŋkume, esime wonɔ avi fam le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu.
و اینک مردی از بنی‌اسرائیل آمده، زن مدیانی‌ای را در نظر موسی و در نظر تمامی جماعت بنی‌اسرائیل نزد برادران خود آورد، وایشان به دروازه خیمه اجتماع گریه می‌کردند.۶
7 Esi Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi kpɔ nu sia la, etso zia, tsɔ akplɔ,
وچون فینحاس بن العازار بن هارون کاهن، این رادید، از میان جماعت برخاسته، نیزه‌ای به‌دست خود گرفت،۷
8 ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso
و از عقب آن مرد اسرائیلی به قبه داخل شده، هر دوی ایشان یعنی آن مرداسرائیلی و زن را به شکمش فرو برد، و وبا ازبنی‌اسرائیل رفع شد.۸
9 esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene xoxo.
و آنانی که از وبا مردند، بیست و چهار هزار نفر بودند.۹
10 Yehowa gblɔ na Mose be,
و خداوند موسی را خطاب کرده، گفت:۱۰
11 “Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o.
«فینحاس بن العازار بن هارون کاهن، غضب مرااز بنی‌اسرائیل برگردانید، چونکه باغیرت من درمیان ایشان غیور شد، تا بنی‌اسرائیل را در غیرت خود هلاک نسازم.۱۱
12 Eya ta gblɔ nɛ be, mele nye ŋutifafa ƒe nubabla wɔm kplii.
لهذا بگو اینک عهدسلامتی خود را به او می‌بخشم.۱۲
13 Eya kple eƒe dzidzimeviwo anɔ nubabla me kplim tso nunɔladɔwɔwɔ tegbetegbe ŋu, elabena etsi dzi ɖe eƒe Mawu ƒe bubu ŋu ele wòlé avu ɖe Israelviwo nu.”
و برای او وبرای ذریتش بعد از او این عهد کهانت جاودانی خواهد بود، زیرا که برای خدای خود غیور شد، وبجهت بنی‌اسرائیل کفاره نمود.»۱۳
14 Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu.
و اسم آن مرد اسرائیلی مقتول که با زن مدیانی کشته گردید، زمری ابن سالو رئیس خاندان آبای سبط شمعون بود.۱۴
15 Ɖetugbi la ŋkɔe nye Kozbi si nye Zur, Midiantɔwo ƒe fiavi aɖe ƒe vinyɔnu.
و اسم زن مدیانی که کشته شد، کزبی دختر صور بود و اورئیس قوم خاندان آبا در مدیان بود.۱۵
16 Yehowa gblɔ na Mose be,
و خداوند موسی را خطاب کرده، گفت:۱۶
17 “Miwɔ Midiantɔwo abe miaƒe futɔwo ene, eye miawu wo,
«مدیانیان را ذلیل ساخته، مغلوب سازید.۱۷
18 elabena wole mia tsrɔ̃m kple woƒe nu vɔ̃wo. Wona miele Baal subɔm, eye wona miele mɔ tram hele dɔvɔ̃ lém abe ale si miekpɔe fifi laa to Kozbi ƒe ku me ene.”
زیرا که ایشان شما را به مکاید خود ذلیل ساختند، چونکه شما را در واقعه فغور و در امرخواهر خود کزبی، دختر رئیس مدیان، که در روزوبا در واقعه فغور کشته شد، فریب دادند.»۱۸

< Mose 4 25 >