< Mose 4 24 >
1 Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la.
And when Balaam saw that it pleased the LORD to bless Israel, he did not resort to sorcery as on previous occasions, but he turned his face toward the wilderness.
2 Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi,
When Balaam looked up and saw Israel encamped tribe by tribe, the Spirit of God came upon him,
3 eye wògblɔ nya ɖi be, “Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be: ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi,
and he lifted up an oracle, saying: “This is the prophecy of Balaam son of Beor, the prophecy of a man whose eyes are open,
4 ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi, ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, ame si tsyɔa mo anyi, eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo.
the prophecy of one who hears the words of God, who sees a vision from the Almighty, who bows down with eyes wide open:
5 “O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo! O! Israel, wò nɔƒewo nyo!
How lovely are your tents, O Jacob, your dwellings, O Israel!
6 “Wokeke abe balimewo ene. Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene. Wole abe aloe si Yehowa do ene. Wole abe sedati le tɔwo to ene.
They spread out like palm groves, like gardens beside a stream, like aloes the LORD has planted, like cedars beside the waters.
7 Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me. Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu. “Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag. Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi.
Water will flow from his buckets, and his seed will have abundant water. His king will be greater than Agag, and his kingdom will be exalted.
8 “Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte. Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene. Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu, eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo.
God brought him out of Egypt with strength like a wild ox, to devour hostile nations and crush their bones, to pierce them with arrows.
9 Wole adeklo dzi abe dzata ene, eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò. Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!”
He crouches, he lies down like a lion; like a lioness, who dares to rouse him? Blessed are those who bless you and cursed are those who curse you.”
10 Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃.
Then Balak’s anger burned against Balaam, and he struck his hands together and said to Balaam, “I summoned you to curse my enemies, but behold, you have persisted in blessing them these three times.
11 Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!”
Therefore, flee at once to your home! I said I would richly reward you, but instead the LORD has denied your reward.”
12 Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo
Balaam answered Balak, “Did I not already tell the messengers you sent me
13 be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!
that even if Balak were to give me his house full of silver and gold, I could not do anything of my own accord, good or bad, to go beyond the command of the LORD? I will speak whatever the LORD says.
14 “Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!”
Now I am going back to my people, but come, let me warn you what this people will do to your people in the days to come.”
15 Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ: “Balaam, Beor ƒe viŋutsue nye ame si ƒe ŋkuwo woʋu!
Then Balaam lifted up an oracle, saying, “This is the prophecy of Balaam son of Beor, the prophecy of a man whose eyes are open,
16 Esea Mawu ƒe nyawo, nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi. Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ. Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu.
the prophecy of one who hears the words of God, who has knowledge from the Most High, who sees a vision from the Almighty, who bows down with eyes wide open:
17 “Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo.
I see him, but not now; I behold him, but not near. A star will come forth from Jacob, and a scepter will arise from Israel. He will crush the skulls of Moab and strike down all the sons of Sheth.
18 Israel axɔ Edom kple Seir siaa; woaɖu woƒe futɔwo dzi. Ke Israel akpɔ ŋusẽ
Edom will become a possession, as will Seir, his enemy; but Israel will perform with valor.
19 dziɖula atso Yakob, eye wòagbã du geɖewo.”
A ruler will come from Jacob and destroy the survivors of the city.”
20 Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be, “Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!”
Then Balaam saw Amalek and lifted up an oracle, saying: “Amalek was first among the nations, but his end is destruction.”
21 Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be, “Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe, èwɔ wò atɔwo ɖe agakpewo me,
Next he saw the Kenites and lifted up an oracle, saying: “Your dwelling place is secure, and your nest is set in a cliff.
22 ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo. Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ la aɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!”
Yet Kain will be destroyed when Asshur takes you captive.”
23 Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be, “Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbe ne Mawu wɔ nu sia?
Once more Balaam lifted up an oracle, saying: “Ah, who can live unless God has ordained it?
24 Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.”
Ships will come from the coasts of Cyprus; they will subdue Asshur and Eber, but they too will perish forever.”
25 Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.
Then Balaam arose and returned to his homeland, and Balak also went on his way.