< Mose 4 23 >

1 Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.”
And Balaam said unto Balak: 'Build me here seven altars, and prepare me here seven bullocks and seven rams.'
2 Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
And Balak did as Balaam had spoken; and Balak and Balaam offered on every altar a bullock and a ram.
3 Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi.
And Balaam said unto Balak: 'Stand by thy burnt-offering, and I will go; peradventure the LORD will come to meet me; and whatsoever He showeth me I will tell thee.' And he went to a bare height.
4 Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.”
And God met Balaam; and he said unto Him: 'I have prepared the seven altars, and I have offered up a bullock and a ram on every altar.'
5 Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak.
And the LORD put a word in Balaam's mouth, and said: 'Return unto Balak, and thus thou shalt speak.'
6 Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ.
And he returned unto him, and, lo, he stood by his burnt-offering, he, and all the princes of Moab.
7 Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’
And he took up his parable, and said: From Aram Balak bringeth me, the king of Moab from the mountains of the East: 'Come, curse me Jacob, and come, execrate Israel.'
8 Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la, aleke nye ya maƒo fi ade woe? Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la, aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe?
How shall I curse, whom God hath not cursed? And how shall I execrate, whom the LORD hath not execrated?
9 Mele wo kpɔm tso agakpe tame. Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi, wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe. Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o.
For from the top of the rocks I see him, and from the hills I behold him: lo, it is a people that shall dwell alone, and shall not be reckoned among the nations.
10 Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi, alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!”
Who hath counted the dust of Jacob, or numbered the stock of Israel? Let me die the death of the righteous, and let mine end be like his!
11 Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!”
And Balak said unto Balaam: 'What hast thou done unto me? I took thee to curse mine enemies, and, behold, thou hast blessed them altogether.'
12 Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?”
And he answered and said: 'Must I not take heed to speak that which the LORD putteth in my mouth?'
13 Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!”
And Balak said unto him: 'Come, I pray thee, with me unto another place, from whence thou mayest see them; thou shalt see but the utmost part of them, and shalt not see them all; and curse me them from thence.'
14 Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
And he took him into the field of Zophim, to the top of Pisgah, and built seven altars, and offered up a bullock and a ram on every altar.
15 Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.”
And he said unto Balak: 'Stand here by thy burnt-offering, while I go toward a meeting yonder.'
16 Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.”
And the LORD met Balaam, and put a word in his mouth, and said: 'Return unto Balak, and thus shalt thou speak.'
17 Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le. Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?”
And he came to him, and, lo, he stood by his burnt-offering, and the princes of Moab with him. And Balak said unto him: 'What hath the LORD spoken?'
18 Balaam ɖo eŋu be, “Balak, Tsi tsitre eye nàsee: Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi.
And he took up his parable, and said: Arise, Balak, and hear; give ear unto me, thou son of Zippor:
19 Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?
God is not a man, that He should lie; neither the son of man, that He should repent: when He hath said, will He not do it? or when He hath spoken, will He not make it good?
20 Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam be mayra Israelviwo. Mawu ŋutɔ yra wo xoxo, nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o!
Behold, I am bidden to bless; and when He hath blessed, I cannot call it back.
21 “Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o: mawɔ funyafunya Israel o! Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo. Eye dzidzɔɣli le wo nu, eyae nye woƒe fia!
None hath beheld iniquity in Jacob, neither hath one seen perverseness in Israel; the LORD his God is with him, and the shouting for the King is among them.
22 Mawu kplɔ wo tso Egipte; Israel sẽ abe to ene. Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o,
God who brought them forth out of Egypt is for them like the lofty horns of the wild-ox.
23 dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!
For there is no enchantment with Jacob, neither is there any divination with Israel; now is it said of Jacob and of Israel: 'What hath God wrought!'
24 Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’”
Behold a people that riseth up as a lioness, and as a lion doth he lift himself up; he shall not lie down until he eat of the prey, and drink the blood of the slain.
25 Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!”
And Balak said unto Balaam: 'Neither curse them at all, nor bless them at all.'
26 Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?”
But Balaam answered and said unto Balak: 'Told not I thee, saying: All that the LORD speaketh, that I must do?'
27 Balak gagblɔ na Balaam le eƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia ŋu be, “Makplɔ wò agayi teƒe bubu aɖee. Ɖewohĩ adze Mawu ŋu be wòana nàƒo fi ade wo tso afi ma azɔ.”
And Balak said unto Balaam: 'Come now, I will take thee unto another place; peradventure it will please God that thou mayest curse me them from thence.'
28 Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame.
And Balak took Balaam unto the top of Peor, that looketh down upon the desert.
29 Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe.
And Balaam said unto Balak: 'Build me here seven altars, and prepare me here seven bullocks and seven rams.'
30 Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
And Balak did as Balaam had said, and offered up a bullock and a ram on every altar.

< Mose 4 23 >