< Mose 4 22 >
1 Israelviwo zɔ mɔ azɔ yi Moab tagba, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Yeriko kasa.
Les enfants d’Israël, étant partis, campèrent dans les plaines de Moab, au-delà du Jourdain, vis-à-vis de Jéricho.
2 Azɔ la, Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu kpɔ nu si Israelviwo wɔ Amoritɔwo,
Balac, fils de Séphor, vit tout ce qu’Israël avait fait aux Amorrhéens;
3 eye vɔvɔ̃ ɖo Moab, elabena ameawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Nyateƒe, dzidzi ƒo Moab le Israelviwo ŋu.
et Moab fut très effrayé en face du peuple, car celui-ci était nombreux; il fut saisi d'épouvante en face des enfants d’Israël.
4 Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.” Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la,
Moab dit aux anciens de Madian: « Cette multitude va dévorer tout ce qui nous entoure, comme le bœuf dévore la verdure des champs. » — Balac, fils de Séphor était alors roi de Moab. —
5 ɖo amewo ɖa be woayɔ Balaam, Beor ƒe viŋutsu, ame si nɔ Petor, afi si te ɖe tɔsisi la ŋu vɛ. Balak gblɔ be, “Dukɔ aɖe tso Egipte; wotsyɔ anyigba ŋkume, eye wole teƒe aɖe si te ɖe ŋunye.
Il envoya des messagers à Balaam, fils de Béor, à Péthor, qui est sur le Fleuve, dans le pays des fils de son peuple, pour l’appeler et lui dire: « Voici, un peuple est sorti d’Égypte; il couvre la face de la terre, et il habite vis-à-vis de moi.
6 Azɔ la, va nàƒo fi ade ame siawo, elabena wosẽ akpa na mí. Ekema, ɖewohĩ, mate ŋu aɖu wo dzi, eye manya wo dzoe le anyigba la dzi. Elabena menya be ame siwo nèyrana la kpɔa yayra, eye ame siwo nèƒoa fi dena la kpɔa fiƒode.”
Viens donc, je te prie, maudis-moi ce peuple, car il est plus puissant que moi; peut-être ainsi pourrai-je le battre et le jeter hors du pays; car je sais que celui que tu bénis est béni, et que celui que tu maudis est maudit. »
7 Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie.
Les anciens de Moab et les anciens de Madian se mirent en route, emportant avec eux le salaire du devin. Arrivés auprès de Balaam, ils lui rapportèrent les paroles de Balac.
8 Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ.
Balaam leur dit: « Passez ici la nuit, et je vous donnerai réponse, selon ce que Yahweh me dira. » Et les princes de Moab restèrent chez Balaam.
9 Le zã me la, Mawu va Balaam gbɔ, eye wòbiae be, “Ame kawoe nye ame siawo?”
Dieu vint à Balaam et lui dit: « Qui sont ces hommes que tu as chez toi? »
10 Balaam ɖo eŋu na Mawu be, “Wotso Balak, Moab fia gbɔ.
Balaam répondit à Dieu: « Balac, fils de Séphor, roi de Moab, les a envoyés pour me dire:
11 Fia la gblɔ be, ameha gã aɖe tso Egipte va ɖo yeƒe anyigba ƒe liƒo dzi, eye wòdi be mayi enumake aɖaƒo fi ade wo na ye, ale be yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi.”
Voici, le peuple qui est sorti d’Égypte couvre la face de la terre; viens donc, maudis-le-moi; peut-être ainsi pourrai-je le combattre et le chasser. »
12 Mawu gblɔ na Balaam be, “Mègayi ɖaƒo fi de wo o, elabena meyra wo xoxo!”
Dieu dit à Balaam: « Tu n’iras pas avec eux; tu ne maudiras pas ce peuple, car il est béni. »
13 Esi ŋu ke la, Balaam gblɔ na Balak ƒe ameawo be, “Mitrɔ dzo! Yehowa meɖe mɔ nam be mawɔ nu si miaƒe fia di be mawɔ o.”
Le matin, Balaam, s’étant levé, dit aux princes de Balac: « Allez dans votre pays, car Yahweh refuse de me laisser aller avec vous. »
14 Ale Fia Balak ƒe ame dɔdɔwo trɔ dzo, Balaam medze wo yome o.
Alors les princes de Moab se levèrent et retournèrent vers Balac, et ils dirent: « Balaam a refusé de venir avec nous. »
15 Esi woka nya la ta na Balak la, egadɔ amewo ɖe Balaam. Eƒe ame dɔdɔwo sɔ gbɔ azɔ, eye wonye ame ŋkutawo wu ame dɔdɔ gbãtɔwo.
Balac envoya de nouveau des princes en plus grand nombre et de plus haut rang que les premiers.
16 Woyi Balaam gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Esiae nye nya si Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu gblɔ, ‘Mègana naneke naxe mɔ na wò be màva gbɔnye o,
Arrivés auprès de Balaam, ils lui dirent: « Ainsi parle Balac, fils de Séphor: « Que rien, je te prie, ne t’empêche de venir vers moi;
17 elabena maxe fe na wò nyuie, eye mawɔ nu sia nu si nàgblɔ nam be mawɔ. Va, nàƒo fi ade ame siawo nam.’”
car je te rendrai les plus grands honneurs, et je ferai tout ce que tu me diras. Mais viens, je te prie; maudis-moi ce peuple. »
18 Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o.
Balaam répondit et dit aux serviteurs de Balac: « Quand Balac me donnerait plein sa maison d’argent et d’or, je ne pourrai transgresser l’ordre de Yahweh mon Dieu, en faisant une chose, petite ou grande.
19 Mitsi afi sia dɔ ale be makpɔe ɖa be Yehowa agatsɔ nane akpe ɖe nya si wògblɔ nam zi gbãtɔ la ŋu mahã.”
Maintenant, je vous prie, restez ici, vous aussi, cette nuit, que je sache ce que Yahweh me dira encore. »
20 Le zã me la, Mawu gblɔ na Balaam be, “Fɔ, nàyi kple ame siawo, ke kpɔ nyuie be, nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la ko.”
Dieu vint à Balaam dans la nuit, et lui dit: « Si ces hommes sont venus pour t’appeler, lève-toi et va avec eux; mais tu feras ce que je te dirai. »
21 Ale le ŋdi la, Balaam lia eƒe tedzi dzi, eye wòdze ameawo yome.
Balaam se leva le matin et, ayant sellé son ânesse, il partit avec les princes de Moab.
22 Ke Mawu do dɔmedzoe ŋutɔ esi Balaam yina, eye Yehowa ƒe dɔla tsi tsitre ɖe mɔa dzi be yeatsi tsitre ɖe eŋu. Ke Balaam nɔ eƒe tedzi dzi, eye eƒe subɔla eve nɔ eŋu.
La colère de Dieu s’alluma parce qu’il allait, et l’ange de Yahweh se plaça sur le chemin, pour lui faire obstacle. — Balaam était monté sur son ânesse, et il avait avec lui ses deux serviteurs. —
23 Esi tedzi la kpɔ Yehowa ƒe dɔla wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye yi le esi la, edzo le mɔa dzi yi gbe me. Balaam ƒoe be wòatrɔ ayi mɔ la dzi.
L’ânesse vit l’ange de Yahweh qui se tenait sur le chemin, son épée nue à la main; elle se détourna du chemin et alla dans les champs; et Balaam frappa l’ânesse pour la ramener dans le chemin.
24 Azɔ la, mawudɔla la tsi tsitre ɖe afi si mɔ la to waingble eve ƒe glikpɔwo dome le.
Alors l’ange de Yahweh se tint dans un chemin creux entre les vignes, où il y avait une clôture de chaque côté.
25 Esi tedzi la kpɔe wònɔ tsitre ɖe afi ma la, edze nɛ to glikpɔ ɖeka ŋu tututu, eye wòna Balaam ƒe afɔwo lili ɖe glikpɔ la ŋu. Ale Balaam gaƒoe.
Voyant l’ange de Yahweh, l’ânesse se serra contre le mur, et pressa contre le mur le pied de Balaam, et celui-ci la frappa de nouveau.
26 Mawudɔla la gayi ɖatsi tsitre ɖe teƒe aɖe, afi si mɔa xaxa le ale gbegbe be tedzi la magate ŋu ato exa kura o.
L’ange de Yahweh passa plus loin et se tint dans un lieu étroit où il n’y avait pas d’espace pour se détourner à droite ou à gauche.
27 Ale tedzi la tsyɔ akɔ anyi ɖe mɔ la dzi. Balaam do dɔmedzoe vevie, eye wòƒo tedzi la kple eƒe atikplɔ.
L’ânesse, en voyant l’ange de Yahweh, se coucha sous Balaam, et la colère de Balaam s’enflamma, et il frappa l’ânesse de son bâton.
28 Tete Yehowa na be tedzi la nate ŋu aƒo nu. Tedzi la bia Balaam be, “Nu ka mewɔ si na be nàƒom zi etɔ̃?”
Yahweh ouvrit la bouche de l’ânesse, et elle dit à Balaam: « Que t’ai-je fait, que tu m’aies frappée ces trois fois? »
29 Balaam do ɣli ɖe tedzi la ta be, “Elabena èdo lãm! Ɖe yi aɖe anɔ asinye hafi; anye ne mawu wò.”
Balaam répondit à l’ânesse: « C’est parce que tu t’es jouée de moi; si j’avais une épée dans la main, je te tuerais à l’instant. »
30 Tedzi la gabiae be, “Ɖe mewɔ nu sia tɔgbi aɖe kpɔ le nye agbenɔnɔ blibo mea?” Balaam ɖo eŋu be, “Ao.”
L’ânesse dit à Balaam: « Ne suis-je pas ton ânesse, que tu as toujours montée jusqu’à présent? Ai-je l’habitude d’agir ainsi envers toi? » Et il répondit: « Non. »
31 Tete Yehowa ʋu Balaam ƒe ŋkuwo. Ekpɔ mawudɔla la wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye wòlé yi ɖe asi. Enumake Balaam mlɔ anyigba le mawudɔla la ŋkume.
Yahweh ouvrit les yeux de Balaam, et Balaam vit l’ange de Yahweh qui se tenait sur le chemin, son épée nue dans la main; et il s’inclina et se prosterna sur son visage.
32 Mawudɔla la bia Balaam be, “Nu ka ta nèƒo wò tedzi la zi etɔ̃? Meva be mana màgawɔ nu si nèdi be yeawɔ o, elabena èɖo ta tsɔtsrɔ̃ me.
L’ange de Yahweh lui dit: « Pourquoi as-tu frappé ton ânesse ces trois fois? Voici, je suis sorti pour te faire obstacle, car, à mes yeux, le chemin que tu suis te mène à la ruine.
33 Wò tedzi la kpɔm zi etɔ̃, eye wòte ɖa le gbɔnye zi etɔ̃. Ne menye ɖe wòdze nam o la, anye ne mewu wò xoxo, ke mana eya natsi agbe.”
L’ânesse m’a vu; et elle s’est détournée devant moi ces trois fois; si elle ne s’était pas détournée devant moi, je t’aurais tué, toi, et je lui aurais laissé la vie. »
34 Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.”
Balaam dit à l’ange de Yahweh: « J’ai péché, car je ne savais pas que tu te tenais devant moi sur le chemin; et maintenant, si cela te déplaît, je m’en retournerai. »
35 Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Yi kple ameawo, gake nàgblɔ nu si meɖo na wò be nàgblɔ la ko.” Ale Balaam yi kple Balak ƒe ameawo.
L’ange de Yahweh dit à Balaam: « Va avec ces hommes; mais tu ne diras pas autre chose que ce que je te dirai. » Et Balaam alla avec les princes de Balac.
36 Esi Fia Balak se be Balaam gbɔna la, edzo le eƒe fiadu la me, eye wòyi be yeakpee le Arnon tɔsisi la gbɔ le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi.
Balac, ayant appris que Balaam arrivait, sortit à sa rencontre jusqu’à la ville de Moab, qui est sur la frontière de l’Arnon, à l’extrême frontière.
37 Balak bia Balaam be, “Nu ka ta nètsi anyi wòdidi alea hafi nèva ɖo? Medo ŋugbe na wò be made bubu gã ŋuwò. Ɖe mèxɔe se oa?”
Balac dit à Balaam: « N’avais-je pas envoyé déjà vers toi pour t’appeler? Pourquoi n’es-tu pas venu vers moi? Ne puis-je pas en vérité te traiter avec honneur? »
38 Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Meva, gake ŋusẽ mele asinye be magblɔ nya aɖeke o, negbe esi Mawu ɖo nam be magblɔ la ko, eye eya koe nye nya si magblɔ.”
Balaam dit à Balac: « Voici, je suis venu vers toi; mais maintenant pourrai-je dire quoi que ce soit? Les paroles que Dieu mettra dans ma bouche, je les dirai. »
39 Balaam kple Balak dze fia la yome yi Kiriat Huzot.
Balaam se mit en route avec Balac, et ils arrivèrent à Qiriath-Chutsoth.
40 Fia Balak tsɔ nyitsuwo kple alẽwo sa vɔe le afi ma, eye wòtsɔ lãwo na ame dɔdɔwo kple Balaam hena woawo hã ƒe vɔsawo.
Balac immola en sacrifice des bœufs et des brebis, et il en envoya des portions à Balaam et aux princes qui étaient avec lui.
41 Esi ŋu ke ŋdi la, Fia Balak kplɔ Balaam yi Bamɔt Baal to la dzi, afi si Balaam ate ŋu akpɔ Israelviwo wogbagba ɖe anyigba la me le eŋkume le.
Le matin, Balac prit avec lui Balaam et le fit monter à Bamoth-Baal, d’où Balaam put apercevoir les derniers rangs du peuple.