< Mose 4 21 >

1 Arad fia, tso Kanaanyigba dzi ƒe ŋkutsalawo to mɔ ɖeka kple Israelviwo. Esi Arad fia se be Israelviwo to Atarim mɔ gbɔna la, eho aʋa ɖe Israelviwo ŋu, eye wòɖe aboyo woƒe ame aɖewo.
And the Canaanite, the king of Arad, who dwelt in the South, heard tell that Israel came by the way of Atharim, and he fought against Israel, and took some of them captive.
2 Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu.
And Israel vowed a vow to Jehovah, and said, If thou will indeed deliver this people into my hand, then I will utterly destroy their cities.
3 Yehowa se woƒe kokoƒoƒo, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Israelviwo gbã woƒe duwo gudugudu. Wona ŋkɔ teƒe ma tso ɣe ma ɣi be, “Horma” si gɔmee nye “Afi si wogbã duwo le gudugudu.”
And Jehovah hearkened to the voice of Israel, and delivered up the Canaanites. And they utterly destroyed them and their cities. And the name of the place was called Hormah.
4 Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ.
And they journeyed from mount Hor by the way to the Red Sea, to encompass the land of Edom. And the soul of the people was much discouraged because of the way.
5 Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.”
And the people spoke against God, and against Moses, Why have ye brought us up out of Egypt to die in the wilderness? For there is no bread, and there is no water, and our soul loathes this light bread.
6 Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku.
And Jehovah sent fiery serpents among the people, and they bit the people, and many people of Israel died.
7 Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta.
And the people came to Moses, and said, We have sinned, because we have spoken against Jehovah, and against thee. Pray to Jehovah, that he take away the serpents from us. And Moses prayed for the people.
8 Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!”
And Jehovah said to Moses, Make thee a fiery serpent, and set it upon a standard. And it shall come to pass, that everyone who is bitten, when he sees it, shall live.
9 Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.
And Moses made a serpent of brass, and set it upon the standard. And it came to pass, that if a serpent had bitten any man, when he looked to the serpent of brass, he lived.
10 Israelviwo tso afi sia yi Obot. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma.
And the sons of Israel journeyed, and encamped in Oboth.
11 Tso Obot la, woyi Iye Abarim le gbedzi afi si te ɖe Moab ƒe ɣedzeƒe ŋu.
And they journeyed from Oboth, and encamped at Iyeabarim, in the wilderness which is before Moab, toward the sunrise.
12 Woƒu asaɖa anyi ɖe Zered tɔʋu la ƒe balime.
From there they journeyed, and encamped in the valley of Zered.
13 Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome.
From there they journeyed, and encamped on the other side of the Arnon, which is in the wilderness that comes out of the border of the Amorites, for the Arnon is the border of Moab, between Moab and the Amorites.
14 Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be, Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la,
Therefore it is said in the book of the Wars of Jehovah, Vaheb in Suphah, and the valleys of the Arnon,
15 tɔʋu la me tsi, si ɖo ta Ar nutowo me eye wòdo liƒo na Moabtɔwo.
and the slope of the valleys that inclines toward the dwelling of Ar, and leans upon the border of Moab.
16 Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.”
And from there they journeyed to Beer. That is the well of which Jehovah said to Moses, Gather the people together, and I will give them water.
17 Israel dzi ha be, “Dzi tsi, O vudo! Midzi ha tso tsi la ŋu!
Then Israel sang this song: Spring up, O well. Sing ye to it,
18 Esiae nye vudo si amegãwo kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔwo kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.” Wodzo le gbegbe la,
the well, which the rulers dug, which the nobles of the people dug, with the scepter, and with their staves. And from the wilderness they journeyed to Mattanah,
19 eye woto Matana, Nahaliel kple Bamot,
and from Mattanah to Nahaliel, and from Nahaliel to Bamoth,
20 eye woyi balime si le Moab ƒe togbɛwo te, afi si gbegbe la kple Pisga to dzena le tso adzɔge.
and from Bamoth to the valley which is in the field of Moab, to the top of Pisgah, which looks down upon the desert.
21 Azɔ la, Israelviwo ɖo ame dɔdɔwo ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia gbɔ.
And Israel sent messengers to Sihon king of the Amorites, saying,
22 Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.”
Let me pass through thy land. We will not turn aside into field, or into vineyard. We will not drink of the water of the wells. We will go by the king's highway, until we have passed thy border.
23 Fia Sixɔn gbe mɔɖeɖe na Israel be wòato eƒe anyigba dzi ayi o. Sixɔn ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu le gbedzi esi woɖo Yahaz.
And Sihon would not allow Israel to pass through his border, but Sihon gathered all his people together, and went out against Israel into the wilderness, and came to Jahaz, and he fought against Israel.
24 Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo.
And Israel smote him with the edge of the sword, and possessed his land from the Arnon to the Jabbok, even to the sons of Ammon, for the border of the sons of Ammon was strong.
25 Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme.
And Israel took all these cities. And Israel dwelt in all the cities of the Amorites, in Heshbon, and in all the towns of it.
26 Hesbon nye Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia ƒe du. Sixɔn wɔ aʋa kple Moabtɔwo ƒe fia xoxo la, eye wòxɔ eƒe anyigba katã yi keke Arnon.
For Heshbon was the city of Sihon the king of the Amorites, who had fought against the former king of Moab, and had taken all his land out of his hand, even to the Arnon.
27 Eya ta hakpala la gblɔ be, “Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu, na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te.
Therefore those who speak in proverbs say, Come ye to Heshbon. Let the city of Sihon be built and established.
28 “Elabena dzo do tso Hesbon, dzo ƒe aɖewo tso Sixɔn ƒe du me. Fia Moab ƒe Ar, Arnon ƒe todzitɔwo,
For a fire has gone out of Heshbon, a flame from the city of Sihon. It has devoured Ar of Moab, the lords of the high places of the Arnon.
29 baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ mi, Kemostɔwo! Ena via ŋutsuwo zu sisilawo, eye via nyɔnuwo zu aboyomewo na Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia.
Woe to thee, Moab! Thou are undone, O people of Chemosh. He has given his sons as fugitives, and his daughters into captivity, to Sihon king of the Amorites.
30 “Ke míawo míeɖu wo dzi wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon míegbã wo yi keke Nofa, yi kekeke Medeba.”
We have shot at them. Heshbon is perished even to Dibon, and we have laid waste even to Nophah, which reaches to Medeba.
31 Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi.
Thus Israel dwelt in the land of the Amorites.
32 Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi.
And Moses sent to spy out Jazer. And they took the towns of it, and drove out the Amorites that were there.
33 Le esia megbe la, wotrɔ ɖe Basab du la ŋu. Ke Ɔg, Basan fia, kpe aʋa kpli wo le Edrei.
And they turned and went up by the way of Bashan. And Og the king of Bashan went out against them, he and all his people, to battle at Edrei.
34 Yehowa gblɔ na Mose be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia le Hesbon ene.”
And Jehovah said to Moses, Fear him not, for I have delivered him into thy hand, and all his people, and his land. And thou shall do to him as thou did to Sihon king of the Amorites, who dwelt at Heshbon.
35 Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la.
So they smote him, and his sons and all his people, until there was none left to him remaining. And they possessed his land.

< Mose 4 21 >