< Mose 4 19 >
1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
And the Lord spoke unto Moses and unto Aaron, saying,
2 “Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi.
This is the statute of the law which the Lord hath commanded, saying, Speak unto the children of Israel, that they bring unto thee a completely red cow, on which there is no blemish, upon which no yoke hath ever come.
3 Mitsɔe na nunɔla Eleazar, miana wòahee ayi asaɖa la godo, eye wòana ame aɖe nawui le eŋkume.
And ye shall give her unto Elazar the priest, and he shall lead her forth to without the camp, and some one shall slay her before his face:
4 Ekema nunɔla Eleazar ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu lɔƒo.
And Elazar the priest shall take some of her blood with his finger; and he shall sprinkle in the direction of the front of the tabernacle of the congregation of her blood seven times.
5 Le esia megbe la, wòana woatɔ dzo nyinɔ la, eƒe agbalẽ, eƒe lã, eƒe ʋu kple eƒe afɔdzi siaa le eŋkume.
And some one shall burn the cow before his eyes; her skin, and her flesh, and her blood, with her dung, shall he burn.
6 Nunɔla Eleazar atsɔ sedati kple kakle ƒe alɔdze kple ka dzĩ ada ɖe dzo la me.
And the priest shall take cedar-wood, and hyssop, and a scarlet string, and cast it into the midst of the burning of the cow.
7 Le esia megbe la, nunɔla anya eƒe awuwo, ale tsi, atrɔ ayi asaɖa la me, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
And the priest shall wash his clothes, and he shall bathe his flesh in water, and afterward may he come into the camp; and the priest shall be unclean until the evening.
8 Ame si tɔ dzo lã la hã anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eya hã ŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
And he that burneth her shall wash his clothes in water, and bathe his flesh in water; and he shall be unclean until the evening.
9 “Ekema ame si ŋu kɔ la, aƒo nyinɔ la ƒe afi nu ƒu, eye woadae ɖe teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo afi si woadzrae ɖo na Israelviwo abe afi si woaku tsi le ene hena nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawo na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa.
And a man that is clean shall gather up the ashes of the cow, and lay them up without the camp in a clean place; and it shall be kept for the congregation of the children of Israel for a water of sprinkling: it is a purification-offering.
10 Ame si ƒo ƒu nyinɔ la ƒe afi la anya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Esia nye se na Israelviwo kple amedzro siwo le wo dome la tegbetegbe.
And he that gathereth up the ashes of the cow shall wash his clothes, and be unclean until the evening: and it shall be unto the children of Israel, and unto the stranger that sojourneth among them, for a statute for ever.
11 “Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre.
He that toucheth the dead body of any human person shall be unclean seven days.
12 Ele be wòakɔ eɖokui ŋuti le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe kple tsi, si tso nyinɔ la ƒe afi me. Ekema eŋuti akɔ. Ne mewɔ esia le ŋkeke etɔ̃lia dzi o la, ekema eƒe ŋutimakɔmakɔ la ayi edzi adze le ŋkeke adrelia gɔ̃ hã ŋu.
Such a one shall purify himself with it on the third day and on the seventh day, when he shall be clean; but if he purify himself not on the third day and on the seventh day, he shall not be clean.
13 Ame sia ame si aka asi ame kuku aɖe ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu le mɔ sia dzi o la gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe agbadɔ la, eye woaɖee ɖa le Israelviwo dome. Womehlẽ tsi kɔkɔe la ɖe eŋu o, eya ta makɔmakɔnyenye la gale eŋu ko.
Whosoever toucheth the dead body, the person of any man that is dead, and purifieth himself not, hath defiled the tabernacle of the Lord; and that soul shall be cut off from Israel; because the water of sprinkling was not sprinkled upon him, he shall be unclean; his uncleanness is yet upon him.
14 “Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre.
This is the law, when a man dieth in a tent: Every one that cometh into the tent, and all that is in the tent, shall be unclean seven days.
15 Nu sia nu si nu nutunu mele o la ŋuti mekɔ o.
And every open vessel, on which there is not a closely fitting cover, is unclean.
16 “Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre.
And whosoever toucheth in the open field one that hath been slain with a sword, or a dead body, or a bone of a man, or a grave, shall be unclean seven days.
17 “Hena amea ŋuti kɔkɔ la, woatsɔ dzowɔ tso nyinɔ la ƒe numevɔsa ƒe dzowɔ me ade tsi dzidzi ƒe tsi me le tsiɖonu me.
And they shall take for the unclean person some of the ashes of the burnt purification-offering, and they shall put thereupon running water in a vessel.
18 Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu.
And a clean person shall take hyssop, and dip it in the water, and sprinkle it upon the tent, and upon all the vessels, and upon the persons that have been there, and upon him that hath touched the bone, or the one slain, or the dead, or the grave:
19 Woawɔ nu sia le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbewo. Emegbe la, amea anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti akɔ le fiẽ.
And the clean person shall sprinkle upon the unclean on the third day and on the seventh day; and when he hath purified him on the seventh day, then shall he wash his clothes, and bathe himself in water, and shall be clean at evening.
20 “Ke ne ame aɖe ŋuti mekɔ o, gake wògbe be yemakɔ ye ɖokui ŋuti o la, woaɖee ɖa le ha me, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la, eye esi womehlẽ ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o ta la, eŋuti mekɔ o.
But a man that is unclean, and doth not purify himself, that soul shall be cut off from among the congregation; because the sanctuary of the Lord hath he defiled; the water of sprinkling hath not been sprinkled upon him; he is unclean.
21 Esia nye se na mi tegbetegbe. Ele be ame si hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe amea ŋu la nanya eƒe awuwo emegbe. Ame sia ame si ka asi tsi la ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
And it shall be unto them for a perpetual statute; and he that sprinkleth the water of sprinkling shall wash his clothes; and he that toucheth the water of sprinkling shall be unclean until the evening.
22 Nu sia nu si ŋu ame si ŋuti mekɔ o la ka asii la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.”
And whatsoever the unclean person may touch shall be unclean; and the person that toucheth him shall be unclean until the evening.