< Mose 4 18 >

1 Yehowa ƒo nu na Aron azɔ gblɔ be, “Enye wò kple viwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo ƒe dɔdeasi be miakpɔ egbɔ be, nu kɔkɔe aɖeke mezu nu makɔmakɔ o, eye anye miawo ƒe vodada ne kpɔtsɔtsɔ aɖe ava miaƒe nunɔladɔwo wɔwɔ ŋuti.
The Lord told Aaron, “You and your sons and the other Levites bear the responsibility for sins relating to the sanctuary. You and your sons alone bear the responsibility for sins relating to your priesthood.
2 Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ.
Have your brothers from the tribe of Levi, your father's tribe, join you to help you and your sons with your service in the Tent of the Testimony.
3 Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku.
They will take care of your responsibilities and those relating to the Tent, but they must not come too close to the sacred objects of the sanctuary or the altar, otherwise they will die, and you will too.
4 Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o.
They are to help you and take care of the responsibilities of the Tent of Meeting, doing all the work at the Tent, but they are not allowed to be with you during your priestly ministry.
5 “Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o.
You are to carry out the responsibilities relating to the sanctuary and the altar, so that my anger will not fall on the Israelites again.
6 Megale egblɔm be, nye ŋutɔe tia nɔviwò Levi ƒe viwo tso Israelviwo dome na Yehowa ƒe dɔ be woanye wò kpeɖeŋutɔwo le agbadɔmedɔwɔwɔ me.
Look, I myself have chosen your brothers the Levites from the Israelites as my gift to you, dedicated to the Lord to do the work that relates the Tent of Meeting.
7 Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.”
But only you and your sons are responsible for your priesthood, doing all that concerns the altar and is behind the veil. Only you are to perform that service. I am giving you the gift of your priesthood, but anyone else who approaches the sanctuary must be executed.”
8 Yehowa gade se siawo na Aron. “Metsɔ nunana siwo katã Israelviwo tsɔna vɛ na Yehowa la na nunɔlawo. Nunana siwo katã wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ le se mavɔ la nu.
The Lord told Aaron, “Listen, I have put you in charge of officiating at my offerings. All the holy contributions of the Israelites that they bring are reserved for you, and this is a permanent rule.
9 Nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye mia tɔ. Nu siwo wotsɔ vɛ abe kpɔɖeŋu ene be woame na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi koe menye mia tɔ o. Nu siawo katã nye nunana kɔkɔewo.
Part of the most holy offerings taken from the burnt offerings are yours. Part of all the offerings they give me as most holy offerings, whether it's grain offerings or sin offerings or guilt offerings, that part belongs to you and your sons.
10 Ŋutsuwo koe aɖu wo, eye teƒe kɔkɔe aɖe ko woaɖu wo le.
You shall eat it in a most holy place. Every male is allowed to eat it. You are to regard it as something holy.
11 “Nunana bubuawo katã si Israelviwo anam to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple wò ƒometɔwo, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa tɔ. Wò ƒometɔwo katã aɖu nu siawo negbe wo dometɔ si ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o la ko.
The following also belongs to you: the voluntary gifts as well as all the wave offerings of the Israelites. I have given this to you and your sons and daughters as a permanent rule. Everyone in your household who is ceremonially clean is allowed to eat it.
12 “Nenema ke kutsetse gbãtɔ siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa abe ami, wain kple lu nyuitɔwo
I am giving you all the best olive oil and all the best new wine and grain that the Israelites give as firstfruits to the Lord.
13 kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o.
The firstfruits of all the crops they produce in their land that they bring to the Lord are yours. Everyone in your family who is ceremonially clean is allowed to eat them.
14 “Nu sia nu si le Israel, si ŋu wokɔ, ɖe ɖe aga na Yehowa la nye tɔwò.
Everything in Israel that is dedicated to the Lord is yours.
15 Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta.
Every firstborn, whether human or animal, that is offered to the Lord is yours. But you must buy back every firstborn son and every firstborn male of unclean animals.
16 Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ele na wò be nàƒle wo ta, eye wo taƒlegae nye klosalo gram blaade, le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
When they are one month old you shall pay the redemption price of five shekels of silver, (using the sanctuary shekel standard), equivalent to twenty gerahs.
17 “Ke womaxe fe ɖe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ta o; elabena wole kɔkɔe. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye nàtɔ dzo ami la abe dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la ene na Yehowa.
But you are not allowed to redeem the firstborn of an ox, a sheep, or a goat because they are holy. You shall sprinkle their blood on the altar, and burn their fat as a burnt offering accepted by the Lord.
18 Lã siawo ƒe lã nye mia tɔ hekpe ɖe woƒe akɔ kple ɖusita, si wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la ŋu.
Their meat is yours, in the same way that the breast and right thigh of the wave offering are yours.
19 Ɛ̃, metsɔ nunana siwo katã Israelviwo va naa Yehowa, eye wonyena le yame la na mi. Wonye wò kple wò ƒometɔwo ƒe nuɖuɖu. Esia nye dze ƒe nubabla mavɔ le Yehowa kple wò kple wò dzidzimeviwo dome.”
I am giving all the voluntary gifts that the Israelites present to the Lord to you and to your sons and daughters as a permanent rule. It is a permanent agreement of salt before the Lord for you and your descendants.”
20 Yehowa gblɔ na Aron be, “Mianyi woƒe anyigba ƒe dome o, eye miakpɔ gome le wo dometɔ aɖeke me o, nyee nye miaƒe gome kple miaƒe domenyinu le Israelviwo dome.
“You won't possess property in their country, and you won't have a share in their land. I am your share and your possession among the Israelites.
21 “Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta.
Instead I have given the Levites all the tithes in Israel as compensation for the service they provide in doing the work in the Tent of Meeting.
22 Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku.
The Israelites are no longer allowed to approach the Tent of Meeting, or they will commit an offense and die.
23 Levi ƒe viwo koe awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu. Woaɖi fɔ ne wogbe dɔ wɔwɔ le afi ma. Esia nye se na mi tegbetegbe be nunɔamesi aɖeke manɔ Levi ƒe vi aɖeke si le Israelnyigba dzi o,
The Levites are to carry out the work in the Tent of Meeting, and they must take responsibility for any sins involved. This is a permanent rule for all future generations. The Levites won't receive a share of land among the Israelites.
24 elabena Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia si wotsɔ na Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la anye Levi ƒe viwo tɔ. Eya ta megblɔ na wo be, ‘Domenyinu manɔ wo si le Israelviwo dome o.’”
Instead I have given to the Levites as their compensation the tithe that the Israelites give to the Lord as a contribution. That's why I told them that they wouldn't receive a share of land among the Israelites.”
25 Yehowa gblɔ na Mose be,
The Lord told Moses,
26 “Ƒo nu na Levi ƒe viwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miexɔ nu ewolia si metsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene tso Israelviwo si la, ele na mi be miatsɔ nu ewolia mawo ƒe ewolia abe vɔsa na Yehowa ene.
“Talk to the Levites and explain to them, ‘When you receive from the Israelites the tithe that I have given you as your compensation, you must return part of it as an offering to the Lord: a tithe of the tithe.
27 Yehowa axɔ nu sia na mi abe miaƒe lu kple waintsetse gbãtɔwo ƒe nunana ene, abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me ene.
Your offering will be considered as if it were the firstfruits of grain from your threshing floor or grape juice from the winepress.
28 Ale miawo hã miana nu Yehowa tso nu ewolia siwo katã miexɔ tso Israelviwo gbɔ la me. Tso nu ewolia siawo me la, miatsɔ Yehowa ƒe ɖuƒe ana Aron, nunɔla la.
In this way you are to contribute an offering to the Lord from every tithe you receive from the Israelites, giving the Lord's offering to Aaron the priest.
29 Ele be miatsɔ nu sia nu si wona la ƒe akpa nyuitɔ kple kɔkɔetɔ ana Yehowa abe eƒe ɖuƒe ene.’
From all the gifts you receive you are to contribute as the Lord's offering the very best, the holiest part of every gift.’
30 “Gblɔ na Levi ƒe viwo be, ‘Ne mieɖe nyuitɔwo na adzɔe la, woabui na mi abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe lugbɔƒe alo miaƒe wainfiaƒe ene.
So tell the Levites, ‘When you have presented the best part, it will be considered as your contribution produced by your threshing floor or winepress.
31 Aron kple via ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo aɖui le woƒe aƒewo me alo le teƒe ɖe sia ɖe si adze wo ŋu, elabena eyae nye woƒe fetu ɖe woƒe dɔwɔwɔ le agbadɔ la me ta.
You and your families may eat it anywhere because it's compensation for your service in the Tent of Meeting.
32 Mi, Levi ƒe viwo la, miada vo o, ne miexɔ ameawo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na Yehowa, eye mietsɔ nu siawo ƒe nyuitɔwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na nunɔlawo. Ke mikpɔ nyuie be miabu Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo abe nu dzodzrowo wonye ene o. Ne miewɔ esia la, miaku.’”
You will not be considered to have sinned if you have presented the best part of it. But if you treat the sacred offerings of the Israelites with disrespect you will die.’”

< Mose 4 18 >