< Mose 4 17 >

1 Emegbe la, Yehowa gblɔ na Mose be,
主はモーセに言われた、
2 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be toawo ƒe kplɔla ɖe sia ɖe natsɔ atikplɔ si dzi wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo la vɛ na wò.
「イスラエルの人々に告げて、彼らのうちから、おのおのの父祖の家にしたがって、つえ一本ずつを取りなさい。すなわち、そのすべてのつかさたちから、父祖の家にしたがって、つえ十二本を取り、その人々の名を、おのおのそのつえに書きしるし、
3 Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi.
レビのつえにはアロンの名を書きしるしなさい。父祖の家のかしらは、おのおののつえ一本を出すのだからである。
4 Tsɔ atikplɔ siawo da ɖe agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me, afi si medoa go wò le, le nubablaɖaka la ŋgɔ.
そして、これらのつえを、わたしがあなたがたに会う会見の幕屋の中の、あかしの箱の前に置きなさい。
5 Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’”
わたしの選んだ人のつえには、芽が出るであろう。こうして、わたしはイスラエルの人々が、あなたがたにむかって、つぶやくのをやめさせるであろう」。
6 Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo. Kplɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe, ame siwo dome Aron hã nɔ la, tsɔ atikplɔ ɖeka vɛ.
モーセが、このようにイスラエルの人々に語ったので、つかさたちはみな、その父祖の家にしたがって、おのおの、つえ一本ずつを彼に渡した。そのつえは合わせて十二本。アロンのつえも、そのつえのうちにあった。
7 Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me.
モーセは、それらのつえを、あかしの幕屋の中の、主の前に置いた。
8 Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la tɔ la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu!
その翌日、モーセが、あかしの幕屋にはいって見ると、レビの家のために出したアロンのつえは芽をふき、つぼみを出し、花が咲いて、あめんどうの実を結んでいた。
9 Esi Mose kɔ atikplɔawo tso Yehowa ƒe ŋkume do goe va fia Israelviwo la, wotsi yaa kple dzimaxɔse! Ame sia ame xɔ eƒe atikplɔ negbe Aron ko.
モーセがそれらのつえを、ことごとく主の前から、イスラエルのすべての人の所に持ち出したので、彼らは見て、おのおの自分のつえを取った。
10 Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o.
主はモーセに言われた、「アロンのつえを、あかしの箱の前に持ち帰り、そこに保存して、そむく者どものために、しるしとしなさい。こうして、彼らのわたしに対するつぶやきをやめさせ、彼らの死ぬのをまぬかれさせなければならない」。
11 Ale Mose wɔ nu siwo Yehowa ɖo nɛ.
モーセはそのようにして、主が彼に命じられたとおりに行った。
12 Israelviwo gblɔ na Mose be, “Míaku! Míebu, mí katã míebu!
イスラエルの人々は、モーセに言った、「ああ、わたしたちは死ぬ。破滅です、全滅です。
13 Ame sia ame si ate ɖe Yehowa ƒe agbadɔ la ŋu la, aku. Ɖe mí katã míele kuku gea?”
主の幕屋に近づく者が、みな死ぬのであれば、わたしたちは死に絶えるではありませんか」。

< Mose 4 17 >