< Mose 4 15 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
耶和华对摩西说:
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia nam abe mia de ene dzi,
“你晓谕以色列人说:你们到了我所赐给你们居住的地,
3 eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la,
若愿意从牛群羊群中取牛羊作火祭,献给耶和华,无论是燔祭是平安祭,为要还特许的愿,或是作甘心祭,或是逢你们节期献的,都要奉给耶和华为馨香之祭。
4 ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa,
那献供物的就要将细面伊法十分之一,并油一欣四分之一,调和作素祭,献给耶和华。
5 eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu.
无论是燔祭是平安祭,你要为每只绵羊羔,一同预备奠祭的酒一欣四分之一。
6 “‘Nenye agboe wotsɔ le vɔ la sam la, woatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami lita ɖeka kple afã
为公绵羊预备细面伊法十分之二,并油一欣三分之一,调和作素祭,
7 kple wain lita ɖeka kple afã la akpe ɖe eŋu abe nunovɔsa ene. Esia anye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea Yehowa ŋu.
又用酒一欣三分之一作奠祭,献给耶和华为馨香之祭。
8 “‘Ne ètsɔ nyitsuvi aɖe be yeasa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔe na Yehowa la,
你预备公牛作燔祭,或是作平安祭,为要还特许的愿,或是作平安祭,献给耶和华,
9 ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu.
就要把细面伊法十分之三,并油半欣,调和作素祭,和公牛一同献上,
10 Nunovɔsa si akpe ɖe eŋu la anye wain lita eve. Woatsɔ dzo asa vɔ sia, eye wòadze Yehowa ŋu.
又用酒半欣作奠祭,献给耶和华为馨香的火祭。
11 Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema.
“献公牛、公绵羊、绵羊羔、山羊羔,每只都要这样办理。
12 Wɔ nu sia na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu.
照你们所预备的数目,按着只数都要这样办理。
13 “‘Dzɔleaƒea ɖe sia ɖe awɔ nu siawo ale, ne etsɔ numevɔsanu aɖe vɛ be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu.
凡本地人将馨香的火祭献给耶和华,都要这样办理。
14 Hena dzidzime siwo gbɔna la, ɣe sia ɣi si amedzro aɖe alo ame bubu aɖe, si le mia dome ana dzovɔsanu aɖe be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa la, ele be wòawɔe tututu abe ale si miewɔnɛ ene.
若有外人和你们同居,或有人世世代代住在你们中间,愿意将馨香的火祭献给耶和华,你们怎样办理,他也要照样办理。
15 Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna.
至于会众,你们和同居的外人都归一例,作为你们世世代代永远的定例,在耶和华面前,你们怎样,寄居的也要怎样。
16 Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’”
你们并与你们同居的外人当有一样的条例,一样的典章。”
17 Yehowa gblɔ na Mose be,
耶和华对摩西说:
18 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si dzi mele mia kplɔm yi dzi,
“你晓谕以色列人说:你们到了我所领你们进去的那地,
19 eye mieɖu anyigba ma dzi nuɖuɖu la, mitsɔ eƒe ɖe sa vɔe na Yehowa.
吃那地的粮食,就要把举祭献给耶和华。
20 Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatalĩ, wòanye vɔsa tso miaƒe lu gbãtɔ si tso lugbɔƒe.
你们要用初熟的麦子磨面,做饼当举祭奉献;你们举上,好像举禾场的举祭一样。
21 To dzidzime siwo ava me la, ele be miasa vɔ sia na Yehowa tso miaƒe luwɔ gbãtɔwo me.’”
你们世世代代要用初熟的麦子磨面,当举祭献给耶和华。
22 “‘Ne miawo alo miaƒe dzidzimeviwo da vo, eye womewɔ se siwo katã Yehowa de na mi le ƒeawo me to Mose dzi la dzi o la,
“你们有错误的时候,不守耶和华所晓谕摩西的这一切命令,
23 Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me,
就是耶和华借摩西一切所吩咐你们的,自那日以至你们的世世代代,
24 eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu.
若有误行,是会众所不知道的,后来全会众就要将一只公牛犊作燔祭,并照典章把素祭和奠祭一同献给耶和华为馨香之祭,又献一只公山羊作赎罪祭。
25 Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume.
祭司要为以色列全会众赎罪,他们就必蒙赦免,因为这是错误。他们又因自己的错误,把供物,就是向耶和华献的火祭和赎罪祭,一并奉到耶和华面前。
26 Woatsɔ nu vɔ̃ ake ame sia ame; woatsɔe ake amedzro siwo le Israelviwo dome hã, elabena ameha blibo lae da vo, eya ta ameha blibo la akpɔ gome le tsɔtsɔke la me.
以色列全会众和寄居在他们中间的外人就必蒙赦免,因为这罪是百姓误犯的。
27 “‘Nenye ame ɖekae da vo la, ekema amea ana gbɔ̃nɔe si xɔ ƒe ɖeka la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
“若有一个人误犯了罪,他就要献一岁的母山羊作赎罪祭。
28 Nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
那误行的人犯罪的时候,祭司要在耶和华面前为他赎罪,他就必蒙赦免。
29 Se sia bla mi ame Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome hã.
以色列中的本地人和寄居在他们中间的外人,若误行了什么事,必归一样的条例。
30 “‘Ke ne ame aɖe nya nyuie hafi da vo aɖe la, nenye Israelvi alo amedzro hã la, ekema edo vlo Yehowa, eya ta ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.
但那擅敢行事的,无论是本地人是寄居的,他亵渎了耶和华,必从民中剪除。
31 Esi wòdo vlo Yehowa ƒe sewo abe nu ɖowɔ ene, eye wònya nyuie hafi da le eƒe se dzi la, ele be woawui, eye eƒe nu vɔ̃ anɔ eya ŋutɔ dzi.’”
因他藐视耶和华的言语,违背耶和华的命令,那人总要剪除;他的罪孽要归到他身上。”
32 Gbe ɖeka esime Israelviwo nɔ gbedzi la, wolé Israelvi aɖe wònɔ nake fɔm le Dzudzɔgbe la dzi.
以色列人在旷野的时候,遇见一个人在安息日捡柴。
33 Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume.
遇见他捡柴的人,就把他带到摩西、亚伦并全会众那里,
34 Wodee mɔ va se ɖe esime woanya nu si Yehowa adi be woawɔ.
将他收在监内;因为当怎样办他,还没有指明。
35 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ele be ŋutsu la naku. Ele be ameawo katã naƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.”
耶和华吩咐摩西说:“总要把那人治死;全会众要在营外用石头把他打死。”
36 Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
于是全会众将他带到营外,用石头打死他,是照耶和华所吩咐摩西的。
37 Yehowa gblɔ na Mose be,
耶和华晓谕摩西说:
38 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo ƒe dzogoewo to, eye ka blɔtɔ nanɔ gbo ɖe sia ɖe ŋu.
“你吩咐以色列人,叫他们世世代代在衣服边上做 子,又在底边的 子上钉一根蓝细带子。
39 Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o.
你们佩带这 子,好叫你们看见就记念遵行耶和华一切的命令,不随从自己的心意、眼目行邪淫,像你们素常一样;
40 Ekema miaɖo ŋku edzi, awɔ nye sewo katã dzi, eye miakɔ mia ɖokuiwo ŋuti na miaƒe Mawu la.
使你们记念遵行我一切的命令,成为圣洁,归与你们的 神。
41 Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi do goe tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”
“我是耶和华—你们的 神,曾把你们从埃及地领出来,要作你们的 神。我是耶和华—你们的 神。”

< Mose 4 15 >