< Mose 4 14 >

1 Israelviwo katã de asi avifafa me sesĩe. Wofa avi zã blibo la.
Then everybody there cried out loud all night.
2 Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ!
All the Israelites went and complained to Moses and Aaron, telling them, “If only we'd died in Egypt, or here in this desert!
3 Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?”
Why is the Lord taking us to this country only to get us killed? Our wives and children will be captured and taken away as slaves! Wouldn't we be better off going back to Egypt?”
4 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!”
They said to one another, “Let's choose a new leader us and go back to Egypt.”
5 Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume.
Moses and Aaron fellfacedown on the ground in front of all the assembled Israelites.
6 Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo,
Joshua, son of Nun, and Caleb, son of Jephunneh, were there. They had been part of the group who had gone to spy out the land. They ripped their clothes,
7 hegblɔ na Israel ha blibo la be, “Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ.
and told the Israelites, “The country we traveled through and explored has very good land.
8 Nenye be míaƒe nu nyo Yehowa ŋu la, akplɔ mí ayi ɖe anyigba ma dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le, eye wòatsɔe ana mí.
If the Lord is happy with us, he will take us there and give it to us, a land that's so productive it's like flowing with milk and honey.
9 Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.”
Don't rebel and fight against the Lord. You don't need to be afraid of the people living there in the country—we can take them easily! They're defenseless and the Lord is with us. Don't be frightened of them!”
10 Ke ameha blibo la ƒo nu tso kpeƒuƒu wo ŋu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze le agbadɔ la gbɔ na Israelviwo katã.
In reply all the people shouted out, “Stone them!” But the glory of the Lord suddenly appeared in the Tent of Meeting, right in the middle of the Israelites.
11 Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe?
The Lord told Moses, “How long are these people going to reject me? How long are these people going to refuse to trust in me despite all the miracles I have done right in front of them?
12 Womaganye nye domenyilawo o. Matsrɔ̃ wo kple dɔvɔ̃. Mana dukɔ si alolo sãa, eye wòasẽ ŋu sãa wu Israel la nado tso mewò!”
I'm going to make them sick with a disease and kill them. Then I will make you into a nation that's greater and strong than them.”
13 Mose ƒo koko na Yehowa be, “Ke nu ka Egiptetɔwo abu ne wose nya sia? Wonya ŋusẽ si nèɖe fia le wò amewo ɖeɖe me la nyuie.
But Moses told the Lord, “The Egyptians will find out about it! It was by your power that you led the Israelites out from among them.
14 Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa.
They will tell the people living in this country all about it. They've already heard that you, Lord, are with us Israelites, that you, Lord, are seen face to face, that your cloud stands guard over them, and that you lead them by a pillar of cloud during day and a pillar of fire at night.
15 Azɔ ne èwu wò amewo la, dukɔ siwo se nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu la agblɔ be,
If you kill all these people in one go, the nations who have heard about you will say,
16 ‘Enɔ na Yehowa be wòawu wo, elabena mete ŋu kpɔ wo ta le gbedzi o. Ŋusẽ menɔ eŋu be wòate ŋu akplɔ wo ayi anyigba si wòka atam be yeatsɔ ana wo la dzi o.’
‘The Lord killed these people in the desert because he wasn't able to take them to the country he promised to give them. He's killed them all in desert!’
17 “Azɔ la, wòaɖe Yehowa ƒe ŋusẽ afia abe ale si nèɖe gbeƒãe ene:
Now, Lord, please demonstrate the extent of your power just as you have said:
18 ‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’
The Lord is slow to become angry and is full of trustworthy love, forgiving sin and rebellion. However, he will not allow the guilty to go unpunished, bringing the consequences of the parents' sin on their children, grandchildren, and great-grandchildren.
19 O! Meɖe kuku na wò, tsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo le wò lɔlɔ̃ triakɔ si metrɔna o la ta, abe ale si nètsɔ nu vɔ̃wo ke wo ɣe sia ɣi tso esime míedzo le Egipte va se ɖe fifia ene.”
Please forgive the sin of these people since your trustworthy love is so great, in the same way that you have forgiven them from the time they left Egypt until now.”
20 Yehowa ɖo eŋu be, “Metsɔe ke wo abe ale si nèbia ene.
“I have forgiven them as you asked,” the Lord replied.
21 Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la,
“But even so, as I live and as the whole earth is filled with the Lord's glory,
22 nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã
not a single one of the those who saw my glory and the miracles I did in Egypt and in the desert—but provoked me and refused to obey me time and time again—
23 makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o.
not a single one of them is ever going to see the country I promised to give their forefathers. None of those who rejected me will see it.
24 Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme.
But because my servant Caleb has a totally different spirit and is fully committed to me, I will lead him to the country he visited, and his descendants will own it.
25 Azɔ la, esi Israelviwo le vɔvɔ̃m nenema gbegbe na Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le baliawo me ta la, etsɔ la, ele na mi be miagatrɔ ayi gbedzi, aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.”
Since the Amalekites and Canaanites are living in the valleys, tomorrow you are to turn around and head back into the desert, taking the route towards the Red Sea.”
26 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
The Lord told Moses and Aaron,
27 “Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ.
“How much longer are these wicked people going to criticize me? I've heard what they're saying, making complaints against me.
28 Migblɔ na wo be, ‘Yehowa ka atam be yeana nu si vɔ̃m miele la nava mia dzi.
Go and tell them, ‘As I live, declares the Lord, I'll do just what I heard you say you wanted, believe me!
29 Mi katã miaku ɖe gbedzi le afi sia! Ame ɖeka pɛ si xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame si lĩ liʋĩliʋĩ le ŋutinye gɔ̃ hã la
All of you will die in this desert, everyone who was registered in the census that counted those aged twenty or over, because you made complaints against me.
30 made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi.
Absolutely none of you will enter the country I promised to give you to live in, except for Caleb, son of Jephunneh, and Joshua, son of Nun.
31 Miegblɔ be yewo viwo ava zu kluviwo na anyigba la dzi tɔwo. Le esia teƒe la, makplɔ mia viwo boŋ woaɖo anyigba la dzi dedie, eye woawo anyi nu si miawo miedo vloe la ƒe dome.
However, I will take your children—those you said would be taken away as plunder—into the country you rejected, and they will appreciate it.
32 Ke miawo la, miaku ɖe gbe sia dzi.
But you—you are all going to die in this desert.
33 Miatsa tsaglalã le gbedzi abe alẽnyilawo ene ƒe blaene. Ale miaxe fe ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe esime mia dometɔ mamlɛtɔ naku ɖe gbedzi.
Your children will wander in the desert for forty years, suffering because of your lack of trust until all your bodies lie buried in the desert.
34 Ƒe blaene, ƒe ɖeka ɖe ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe si mietsa ŋku le anyigba la dzi nu, miakpe fu ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye mianya nu si wònye be miana matrɔ le mia yome.’
Just as you explored the country for forty days, so shall your punishment for your sins be forty years, a year for every day, and you will see what happens when I oppose you.
35 Nye, Yehowa, meƒo nu, eye mawɔ nu siawo ameha vɔ̃ɖi blibo la, ameha si bla ɖe ŋunye la kokoko. Woƒe nuwuwu aɖo le gbegbe sia dzi; afi siae woaku ɖo.”
I, the Lord, have spoken! Just see if I won't do this to all these wicked Israelites who have got together to oppose me! They will end their lives in the desert—they will die there.’”
36 Ale ame siwo Mose ɖo ɖa be woatsa ŋku le anyigba la dzi, eye wogbɔ va na ameha blibo la lĩ liʋĩliʋĩ ɖe eŋu to nutsotso vɔ̃ nana tso anyigba la ŋuti me
The men that Moses had sent to explore the country—those who came back and because they gave a bad report they made all the Israelites complain against the Lord—
37 la, ame siwo na nutsotso vɔ̃ tso anyigba la ŋu la, woƒo wo ƒu anyi, eye woku le dɔvɔ̃ ta le Yehowa ŋkume.
those men who gave the bad report died before the Lord from plague.
38 Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome.
The only ones who lived were Joshua son of Nun and Caleb son of Jephunneh of those who went to explore the country.
39 Esi Mose gblɔ nya siwo Yehowa gblɔ nɛ la na Israelviwo la, nuxaxa gã aɖe ge ɖe asaɖa blibo la me.
When Moses told the Israelites what the Lord had said they were very, very sad.
40 Wofɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Ameawo gblɔ be, “Míedze sii be míewɔ nu vɔ̃, ke míele klalo azɔ be, míayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na mí la dzi!”
They got up early the next morning planning to go into the hill country. “Yes we really did sin,” they said, “but now we're here and we'll go where the Lord told us.”
41 Ke Mose gblɔ be, “Nu ka ŋuti miele tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la ŋu? Mele edzi dze ge o!
But Moses objected. “Why are you disobeying the Lord's command? You won't succeed in your plan!
42 Migazɔ ɖe miaƒe ɖoɖowo nu o; ne menye nenema o la, miaƒe futɔwo aɖu mia dzi, elabena Yehowa mele mia yome o.
Don't try and go, otherwise you will be killed by your enemies, because the Lord isn't with you.
43 Mieɖo ŋku edzi oa? Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le afi ma eye miatsi yi nu! Miegbugbɔ le Yehowa yome. Azɔ la, eya hã agbugbɔ le mia yome.”
The Amalekites and Canaanites living there will attack you, and you will die by the sword. Because you rejected the Lord, he won't help you.”
44 Ke togbɔ be Yehowa ƒe nubablaɖaka la loo alo Mose medzo le asaɖa la me o hã la, ameawo dze mɔ yi toawo dzi.
But they were arrogant and went up into the hill country, even though Moses and the Ark of the Lord's Agreement didn't move from the camp.
45 Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le toawo dzi la ɖiɖi ɖe wo dzi, kpe aʋa kpli wo, eye wonya wo ɖo ɖe Horma.
The Amalekites and Canaanites who lived there in the hill country came down and attacked the Israelites and defeated them, and chased them all the way to Hormah.

< Mose 4 14 >